Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Zekaria 10:12 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

12 Matsɔ Yehowa ade agbe wo ŋu, eye woazɔ le eƒe ŋkɔ me, Yehowa ye gblɔe.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

12 Mado ŋusẽ wo le Yehowa me, eye eƒe ŋkɔ me woazɔ le.” Yehowae gblɔe.

Gade chapit la Kopi




Zekaria 10:12
18 Referans Kwoze  

megavɔ̃ o, elabena meli kpli wò; ŋɔ megadzi wò o, elabena nyee nye wò Mawu, mali ke wo, makpe ɖe ŋuwò, eye matsɔ nye xoname ƒe nuɖusi alé wò.


Made agbe Yuda ƒe ale la ŋu, made Yosef ƒe aƒe, eye mana woatrɔ agbɔ; elabena mave wo nu, eye woanɔ abe ɖe nyemenyã wo de gbe o ene; elabena nye Yehowa enye woƒe Mawu, eye mase woƒe gbe.


Yakob ƒe aƒe, mitso, ne míazɔ le Yehowa ƒe kekeli me!


Azɔ wò la, vinye, sẽ ŋu le amenuveve, si le Kristo Yesu me la me,


Elabena ne ɖukɔ-wo katã dometɔ ɖesiaɖe le zɔzɔm le eƒe mawu ƒe ŋkɔ me hã la, míawo ya míazɔ le Yehowa, mía Mawu la ƒe ŋkɔ me ɖaa tegbee.


Eye nusianu, si miewɔna le nuƒoƒo alo dɔwɔwɔ me la, miwɔ ye katã le Kristo Yesu ƒe ŋkɔa dzi, eye mida akpe na Mawu Fofo la le eyama me.


Azɔ abe alesi míexɔ Kristo Yesu, Aƒetɔ la, nenema ke mizɔ le eyama me,


Metea ŋu wɔa nuwo katã le Kristo, amesi doa ŋusẽm la me.


ahagblɔ bena: Míaƒe dzɔdzɔenyenye kple ŋusẽ le Yehowa gbɔ; amesiwo katã do dziku ɖe eŋu la, ava egbɔ, eye ŋu akpe wo.


Eɖo ŋu nam bena: Yehowa, amesi ƒe ŋku me zɔm mele la, adɔ eƒe dɔla akpe ɖe ŋuwò, bena wò mɔzɔzɔ la nadze edzi na wò, eye naɖe srɔ̃ na vinye atso ƒonyemeawo gbɔ le fofonye ƒe me.


Mlɔeba la, nɔvinyewo, mise ŋu le Aƒetɔ kple eƒe ŋusẽ ƒe ŋutete la me!


Eye Yuda-amegãwo agblɔ le woƒe dzi me bena: Yerusalem-tɔwo la, Yehowa Zebaot, woƒe Mawu la, enye ŋusẽ na wo.


Esi Henox zɔ kple Mawu ta la, ebu vĩ, elabena Mawu kplɔe dzoe.


Azɔ mlɔeba la, nɔviwo, miele kuku ɖem, eye míele nu xlɔ̃m mi le Aƒetɔ Yesu me, bene abe alesi miexɔe tso mia gbɔ, alesi dze be, miazɔ, eye miadze Mawu ŋu, eye abe alesi miezɔna hã ene la, miayi dzi geɖe wu;


eye míeɖi ɖase na mi be, miazɔ bena mianye ame dzedzewo na Mawu, amesi yɔ mi va ye ŋutɔ ƒe fiaɖuƒe kple ŋutikɔkɔe gbɔ la.


Maɖo ŋusẽ Babel-fia ƒe alo, eye matso nye yi ade asi nɛ; maŋe Farao ƒe alo, eye wòano ŋeŋem le eƒe ŋku me, abe alesi ame tsiaʋa ŋenae ene.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite