Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Zekaria 10:11 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

11 Xaxa ava atsiaƒu dzi, eye aŋe atslaƒu ƒe tsotsoewo nu, ale be Nil-tɔsisi ƒe gogloƒewo katã namie; Asur ƒe dàda ava anyi me, eye fiatikplɔ adzo le Egipte si me.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

11 Woato nuxaxa ƒe atsiaƒu me, ke woaɖu ƒu dzeagbowo dzi, eye Nil tɔsisi ƒe gogloƒewo aƒu kplakplakpla. Woaŋe kɔ le Asiria ƒe dada nu, eye woaɖe Egipte ƒe fiatikplɔ ɖa.

Gade chapit la Kopi




Zekaria 10:11
25 Referans Kwoze  

Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi: Matsrɔ̃ legbawo, eye mana trɔ̃wo nu natso le Nof, amegãa ɖeke maganɔ Egipte-nyigba nu azɔ o, eye makaka ŋɔdzi ɖe Egipte-nyigba dzi.


Ne èto to me la, meli kpli wò, eye ne èto tɔsisiwo me la, womalé wò o. Ne èto dzo me, mamè wò o, eye dzo ƒe adewo mafiã wò o.


Eye mawudɔla adelia trɔ eƒe kplu la kɔ ɖe Frat-tɔsisi gã la dzi, eye eme tsi la mie, bene woadzra mɔ ɖo na ɣedzeƒefiawo.


Ado eƒe asi ɖa ɖe anyiehe ŋu, eye wòatsrɔ̃ Asur, ana Niniwe nazu gbegbe, eye wòaƒu kplakplakpla abe tagba ene.


Ɖe menye wòe na atsiaƒu, tɔgo glo la me tsiwo mie, eye nèta mɔ ɖe atsiaƒu gɔme, be amesiwo woɖe la, to edzi yi oa?


Magbã Asur le nye anyigba dzi, eye mafanyae kple afɔ ɖe nye towo dzi, eƒe kɔkuti aɖe ɖa le wo ŋu, eye eƒe agba adzo ɖa le woƒe kɔʋu me.


Atsiaƒu, nya kae dzɔ, be nèsi, wò, Yordan, be nègbugbɔ ɖe megbe?


Atsiaƒu kpɔe, eye wosi, Yordan gbugbɔ ɖe megbe;


Eye woɖu abolo maʋãmaʋã ŋkekenyuie la ŋkeke adre kple dzidzɔ, elabena Yehowa do dzidzɔ na wo, eye wòtrɔ Asur-fia ƒe dzi ɖe wo ŋu be, wòdo ŋusẽ woƒe alɔwo ɖe Israel ƒe Mawu ƒe xɔ la ŋu dɔwɔwɔ ŋuti.


Tete wòtsɔ Eliya ƒe awu ʋlaya, si ge le eŋu la, ƒo tsi la dzi hegblɔ bena: Afika Yehowa, Eliya ƒe Mawu la le? Eya hã ƒo tsi la dzi, eye wòmã ɖe akpa eve; eye Elisa ɖi go ɖe egodo.


Tete Eliya ɖe eƒe awu ʋlaya, eye wòŋlɔe tsɔ ƒo tsi la dzi wòmã ɖe akpa eve, eye woa kple eve la woto ƒuƒuiƒe ɖi go.


Nyɔ, Yehowa ƒe alɔ, nyɔ, eye nata ŋusẽ! Nyɔ abe le tsã ŋkekewo me ene, abe le blema ƒomeawo ŋɔli ene. Ɖe menye wòe fũ Raxab, eye nèƒo nu ɖe boso la oa?


Eye Mawu ɖo ŋku Noa kple gbemelã kple aƒemelã, siwo katã le egbɔ le aɖakaʋua me la dzi, eye Mawu na ya ƒo ɖe anyigba dzi, ale bena tsia de asi miemie me.


Ɣemaɣi la Egiptetɔwo anɔ abe nyɔnuwo ene, ŋɔ adzi wo, eye woadzo nyanyanya le Yehowa Zebaot ƒe asi, si wònyẽ ɖe wo ŋu la ŋuti.


eya, amesi gblɔ na to gome be, mie, eye mana wò tɔsisiwo naƒu kplakplakpla;


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite