Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Zekaria 10:1 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

1 Mibia tsidzadza Yehowa; Yehowa ye nana tsi dzana ɖe edza ɣi le kele me, enana dzi ɖona, eye tsi dzana na gbe me numiemiewo kalã

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

1 Mibia Yehowa wòana tsi nadza na mi le tsidzaɣi, elabena Yehowae nana tsi ɖona. Enana tsi dzana na amewo, eye wònana nukuwo miena ɖe bo dzi na ame sia ame.

Gade chapit la Kopi




Zekaria 10:1
31 Referans Kwoze  

Elabena maƒo tsi ɖe kuɖinyigba dzi kple tɔʋu wo ɖe anyigba ƒuƒu dzi. Matrɔ nye gbɔgbɔ akɔ ɖe viwòwo dzi kple nye yayra ɖe wò dzidzimeviwo dzi,


Eyaŋuti migba dzi blewu, nɔvinyewo, halase Aƒetɔ la ƒe vavagbe. Kpɔ ɖa, agbledela lalaa anyigba dzi nuʋaʋã xɔasiwo, eye wògbɔa dzi blewu, halase esime ada kple kele dzana nɛ.


Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi: Mana Israel ƒe aƒe la naɖe kuku nam ɖe esia hã ta, eye mawɔe na wo: Mana woƒe amewo nasɔ gbɔ abe alẽwo ene.


Ana tsi nadza ɖe nuku, siwo nèƒã ɖe agble me la dzi, nuɖuɖu, tsi tso wò agble me nukuwo me la, avivi, eye woada ami; le ɣemaɣi la wò lãwo aɖu gbe le lãnyiƒe kekewo;


ne anyigba ƒe mlɔenulɔwo navɔ̃ wò dzesiwo; èna ŋdi kple fiẽ ƒe tsoƒe tso aseye.


Dziƒo azu akɔbli ɖe tawò me, eye anyigba azu ga ɖe tewò.


Eye de ŋkeke ma me la míabia nanekem o. Vavã, vavã mele egblɔm na mi bena: Ne míabia nane Fofoa la, ana mi le nye ŋkɔa dzi.


Eye Yakob ƒe ame mamleawo anɔ anyigba ɖzi dukɔwo me le ɖukɔ geɖewo dome abe dzata le gbemelãwo dome ene, abe dzatavi le alẽhawo dome, si, ne eto wo dome la, enyãa avuzi le nu dzi, eye wòvuvua nu, ke xɔnametɔa ɖeke menɔa anyi o la ene.


Esi dzinu etɔ̃ susɔ, ne nuŋeɣi naɖo la, mete tsidzadza mi; mena tsi dza, ɖe du ɖeka me, ke nyemena wòdza ɖe evelia me o; tsi dza ɖe agble ɖeka me; ke agble, si me tsi medza ɖo o la me ƒu kplakplakpla.


Miƒã dzɔdzɔenyenye, eye mixa nu kple lɔlɔ̃; mide agble yeye, elabena azã ɖo be, míadi Yehowa, vaseɖe esime wòava, eye wòana dzɔdzɔenyenye nadza ɖe mía dzi.


Mayra woawo kple nye togbɛ ƒe nutowo me, eye mana tsi nadza ɖe edzaɣi, yayra ƒe tsi wòanye.


Ɖe tsinala le dukɔwo ƒe trɔ wo domea, eye ɖe dziƒo ate ŋu ana tsi nadza? De menye wò Yehowa ye nye mía Mawu oa? Asiwò nu kpɔm miele, elabena wòe wɔ nusiawo katã!


Eƒe gbeɖeɖe nana tsiwo ɖina hoo le dziƒo, eye wònana alũ hona yia dzi le anyigba ƒe mlɔenu: ewɔa dzikedzo kpena ɖe tsidzadza ŋu, eye wòɖea ya donae tsoa eƒe nudzraɖoƒe.


Mawɔe woazu afutime; womaɖe eŋu o, eye womaga eme o, ke boŋ aŋɔkawo kple ŋuwò amie ɖe eme; eye made se na alilikpowo be, womagadza tsi ɖe edzi azɔ o.


Ne fia ƒe mo kɔ la, agbee wònye, eye eƒe ŋudzedzekpɔkpɔ le abe adametsiɖoɖo ene.


Enana towo ƒoa tsi beke tso eƒe dziƒoxɔ me, eye eƒe dɔwɔwɔ ƒe kutsetse ɖia ƒo na anyigba.


Eƒe gbeɖeɖe nana tsiwo ɖina hoo le dziƒo, eye wònana atu hona yia dzi tso anyigba ƒe mlɔenu; ewɔa dzikedzo kpena ɖe tsidzadza ŋu, eye wòɖea ya donae tsoa eƒe nudzraɖoƒe.


Eye Eliya, Tisbitɔ, si tso Gilead ƒe amedzrowo dome, gblɔ na Axab bena: Meta Yehowa, Israel ƒe Mawu, amesi ŋku me mele tsitre ɖo la ƒe agbe. Zãmu kple tsi madza le ƒe siawo me o, negbe nye koe agblɔe hafi!


Nye la medo nu, eye Apolo de tsii, ke Mawue nana wotsina nyuie.


Ele dodo ge kokoko abe agudzedze ene, eye ele vava ge na mí abe tsidzadza ene, abe keletsi, si ƒoa anyigba ene.


Aɖi ɖe anyi ahe tsidzadza ɖe gbe talãlàe dzi ene, abe tsi gãe ƒo anyigba ene.


Wole lalayem abe tsidzadza ene, eye woƒe veme ƒu abe ɖe keletsi ŋu ene.


Eya, amesi nana alilikpo hona yia dzi tso anyigba ƒe mlɔenu, ewɔa dzikedzo, ne dzi le wuwum, eye wòkplɔa ya donɛ tso eƒe nudzraɖoƒe;


eye womegblɔ le woƒe dzi me be: mina míavɔ̃ Yehowa, mía Mawu, amesi na tsi dzana, adametsi kple keletsi ɖe wo dzaɣi la o, eya amesi wɔ nuŋeɣi ƒe kwasiɖawo dzi na mí pɛpɛpɛ.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite