Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Zefania 3:6 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

6 Metsrɔ̃ ɖukɔwo, eye woƒe mɔ̃wo gbã; meɖo gbegbe woƒe ablɔwo, eye ame megatoa wo me yina, o; woƒe ɖuwo gbã zu aƒeɖo, eye ame vɔ le wo me.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

6 “Metsrɔ̃ dukɔ geɖewo, megbã woƒe mɔ sesẽwo, mena woƒe ablɔwo dzi ɖi gbɔlo, eye ame aɖeke megatoa wo dzi o. Woƒe duwo gbã, eye ame ɖeka pɛ gɔ̃ hã masusɔ o.

Gade chapit la Kopi




Zefania 3:6
19 Referans Kwoze  

Ke nusiawo zu kpɔdeŋu na mí, bene miaganyenu vɔ̃ɖi dzrolawo, abe alesi wòdzro ame mawo ene la o.


Ke nusiawo katã va ame mawo dzi abe kpɔɖeŋu ene, eye woŋlɔe ɖi, bene wòanye nuxɔxlɔ̃ hena mí amesiwo dzi xexe sia me ƒe nuwuwu va ɖo la.


Baba na mi Krefa-ɖukɔ, mi amesiwo le atsiaƒu nu! Filistitɔwo ƒe anyigba Kanaan, mia ŋue Yehowa ƒe gbe va ɖo, eye matsrɔ̃ wò, ale be ame navɔ le dziwò.


Makaka wo ahlẽ ɖe dukɔ, siwo katã womenya o la ɖome, eye anyigba la atsi anyi aƒeɖoe le wo megbe, ale be amea ɖeke magato edzi ayi o; eye ale woatsɔ anyigba vevi la awɔ gbegbee.


Tete Yehowa ƒe dɔla do ɖawu ame akpe alafa ɖeka kple blanyi vɔ atɔ̃ le Asurtɔwo ƒe asaɖa me. Eye esi wòtɔ le ŋdi kanya la, kpɔ ɖa, wo katã wòzu ame kukuwo sɔŋ.


Magbã miaƒe duwo woazu glikpo, eye mana miaƒe teƒe kɔkɔewo nazu aƒedo, eye miaƒe numemewo magaʋẽ ɖem lilili o.


Kpɔ ɖa, woagblẽ miaƒe aƒe ɖi na mi aƒedoe.


Tete megblɔ bena: Aƒetɔ, vaseɖe ɣekaɣie? Eɖo ŋu bena: Vaseɖe esime duwo nagbã, eye woazu aƒedo, xɔwo nazu xɔdo, eye anyigba nazu gbegbe,


Esia nye ta me, si woɖo ɖe anyigba blibo la ŋu, eye esia nye alɔ, si wodo ɖe dzi ɖe dukɔwo katã ŋu.


Yehowa be: Esi wogblẽ nye se, si metsɔ ɖo wo ŋku me la ɖi, womeɖo to nye gbe o, eye womezɔ ɖe enu o,


Kpɔ ɖa, memã dukɔ kpɔtɔe siawo ƒe anyigba na miaƒe toawo tso Yordan nu kple dukɔ, siwo katã metsrɔ̃ la gbɔ, vaseɖe ƒu gã la nu le ɣetoɖoƒe.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite