Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Zefania 3:2 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

2 Egbe toɖoɖo, eye mena wohe to nɛ o; meɖo dzi ɖe Yehowa ŋu o, eye mete ɖe eƒe Mawu ŋu o.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

2 Mesea ame aɖeke ƒe gbe o, eye melɔ̃na be woagbe nya na ye hã o. Mexɔ Yehowa dzi se o, eye metena ɖe eƒe Mawu la ŋu hã o.

Gade chapit la Kopi




Zefania 3:2
30 Referans Kwoze  

Esi nèli bɔkɔɔ la, meƒo nu kpli wò, ke ègblɔ be, yemasee o; esia nye wò nɔnɔme tso wò ɖevime ke, be nègbe toɖoɖo nye gbe.


Yehowa, ɖe wò ŋkuwo mele nyateƒe ŋu oa? Eƒo wo, gake meɖe lã me na wo o; ètsrɔ̃ wo ɖa, ke wogbe toɖoɖo tohehe, wosẽ woƒe ŋku me wu agakpe, eye wogbe tametɔtrɔ.


Wotrɔ ʋume dem, eye menye ŋku me o, womeɖo to o, eye wodo toku ameɖeɖe, evɔ wònye wòfiã nu wo ɖaa atraɖi hafi.


Yakatsyɔ meƒo mia viwo, wodo toku tohehe la. Miaƒe yi ɖu miaƒe nyagblɔɖilawo abe dzata vuvunu ene.


Yakob, menye wòe yɔm o, eye Israel, mèdze agbagba le ŋunye o.


Eyata ale Aƒetɔ la gblɔ esi: Esi dukɔ sia te va kple woƒe nu, eye wotsɔ woƒe nuyiwo de bubu ŋunye, ke woƒe dzi le adzɔge tso gbɔnye, eye woƒe vɔvɔ̃ nam nye amegbetɔwo ƒe ɖoɖo, siwo wosrɔ̃ ko la,


anɔ gbɔgblɔm be: Ao, nukaŋuti mehelé fu amehehe, eye nye dzi do vlo mokaname,


Elabena womexɔ Mawu dzi se o, eye womeɖo dzi ɖe eƒe xɔname ŋu o.


Ke nye la, Mawu ƒe gbɔnyenɔnɔ enye nye dzidzɔ; meɖo ŋu ke Aƒetɔ Yehowa ŋu, ne maxlẽ eƒe dɔwɔwɔwo katã afia.


Wòa èlé tu hehe, eye nètsɔ nye nyawo ƒu gbe ɖe megbewò tso!


Ame vɔ̃ɖi buna le eƒe dada me be: Mabia eta ase o, Mawua ɖeke meli o. Eƒe tamesusu katã nye esi.


Tete wosẽ to, eye wodze aglã ɖe ŋuwò, wotsɔ wò se la ƒu gbe ɖe megbe, eye wowu wò nyagblɔɖila, siwo xlɔ̃ nu wo, be wioatrɔ wo ɖe ŋuwò la, eye wobɔ ahɔhlɔ ga.


mina miatsɔ dzi nyateƒetɔ ate va le xɔse ƒe kakaɖedzi blibo me, abe amesiwo wòklɔ dzitsinya vɔ̃ ɖa tso woƒe dziwo me, eye wotsɔ tsi zɔzrɔ̃e le na woƒe ŋutilã ene;


Esi meklɔ ŋuwò, ke wò nu makɔmakɔawo gbe ɖiɖi le ŋuwò le wò ŋukpenanuwɔwɔ makɔmakɔawo ta la, eyata ŋuwò maɖi akpa o, vaseɖe esime nye dziku nu nafa ɖe ŋuwò.


Eyata ale Yehowa, Mawu Zebaot, Israel ƒe Mawu la, gblɔ esi; Kpɔ ɖa, mahe dzɔgbevɔ̃e, siwo katã megblɔ ɖe Yuda kple Yerusalemtɔwo katã ŋu la, ava wo dzi, elabena meƒo nu kpli wo, ke womesee o, meyɔ wo, ke womete o.


Ale Yehowa Zebaot, Israel ƒe Mawu la, gblɔ esi. Yi ɖagblɔ na Yuda-ŋutsuwo kple Yerusalemtɔwo bena: Yehowa be: Ɖe miagbe toɖoɖo tohehe kple nye nyawo sesea?


Baba na amesiwo yi Egipte, be woaxɔ na yewo, woɖo dzi ɖe sɔwo ŋu, eye woɖo ŋu ɖe tasiaɖam sɔgbɔwo kple sɔdola geɖewo ŋu; ke womelé ŋku ɖe Israel ƒe kɔkɔetɔ la ŋu o, eye wo mebia Yehowa ta se o!


Nukaŋuti woanɔ mia ƒoƒo dzi, esi miele godzedze dzi ɖaa? Ta blibo la xɔ abi, eye nu te dzi blibo la ŋu belibeli.


Yehowa-vɔvɔ̃ enye sidzedze ƒe gɔmetoto; ke bometsilawo doa vlo nunya kple amehehe.


Ŋɔŋlɔ sia ŋɔŋlɔ, si tso Mawu ƒe Gbɔgbɔ me la, enyo hã na nufiafia, na mokaka, na ɖɔɖɔɖo, na amehehe, si le dzɔdzɔenyenye me,


Yehowa be: Esia nye wò dzidzenu kple tɔwò gome, si nudzidze na wò, elabena èŋlɔm be, eye neɖo dzi ɖe alakpadada ŋu.


Amevi, gblɔ nɛ bena: Wòe nye anyigba, si dzi tsi madza ɖo o, eye tsi maƒoe le dzikudoɣi o.


Eye dukɔ la metrɔ ɖe amesi ƒoe la ŋu o, eye womedi Yehowa Zebaot yome mí o.


eye matsrɔ̃ amesiwo trɔ le Yehowa yome, kple amesiwo medi Yehowa alo bia eta se kpɔ o la siaa.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite