Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Zefania 3:16 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

16 Ɣemaɣi la woagblɔ na Yerusalem be: Megavɔ̃ o; Zion, wò asi megaɖo agblɔ o!

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

16 Gbe ma gbe la, woagblɔ na Yerusalem be, “Mègavɔ̃ o, O Zion, eye mègana wò alɔ nagbɔdzɔ o.

Gade chapit la Kopi




Zefania 3:16
21 Referans Kwoze  

Eyata migado ŋusẽ asi, siwo wɔ gblɔdɔɔ, kple klo, siwo me tu la,


Migana ɖeɖi nate mía ŋu le nu nyui wɔwɔ me o; elabena ne míegbɔdzɔ le nu nyui wɔwɔ me o la, míaŋe nu le ye ŋutɔ ƒe azãgbe la dzi!


eye nèɖo dzi, eye nèdze agbagba le nye ŋkɔa ŋuti, eye ɖeɖi metea ŋuwò o.


Eyaŋuti la mele kuku ɖem na mi bena, ɖeɖi nagate mia ŋu le nye xaxa, siwo mekpɔ le mia ta, esiwo nye bubu na mi la ŋuti o.


Ale Yehowa, wɔwòla kple mèwòla tso dɔ me ke, amesi li kpli wò la, gblɔ esi: Nye dɔla Yakob kple nye ame tiatia Yesurun, megavɔ̃ o!


megavɔ̃ o, elabena meli kpli wò; ŋɔ megadzi wò o, elabena nyee nye wò Mawu, mali ke wo, makpe ɖe ŋuwò, eye matsɔ nye xoname ƒe nuɖusi alé wò.


Zion, wò du nyui xɔla, lia to kɔkɔ la; wò Yerusalem, du nyui xɔla, kɔ wò gbe dzi sesĩe; kɔe dzi megavɔ̃ o, eye gblɔ na Yuda-duwo bena: Kpɔ ɖa, mia Mawu enye si!


Esi ŋu ke la, ameha geɖe, siwo va ŋkekenyuieɖuƒe la, esi wose bena, Yesu gbɔna Yerusalem la,


nenemae me-gaɖo ta me le ŋkeke siawo me be, mawɔ nyuie na Yerusalem kple Yuda ƒe aƒe la; migavɔ̃ o!


Megavɔ̃ o, elabena ŋu makpe wò o; wò mo megatsi da o, elabena ŋukpe malé wò o. Elabena àŋlɔ wò ɖetugbime ŋukpe be, eye màɖo ŋu wò ahosinyenye me vlododo o.


Exlɔ̃ nu ame geɖewo, eye nedo ŋusẽ alɔ gblɔdɔwo.


Eyata esi subɔsubɔdɔ sia le mía si, abe alesi míekpɔ nublanuikpɔkpɔ ene la, ɖeɖi mete mia ŋu o.


Ɣemaɣi woagblɔ bena: Kpɔ ɖa, mía Mawu, amesi ŋu míedo ŋu ɖo be, aɖe mi la, enye si; Yehowa, amesi ŋu míeɖo ŋu ɖo la, enye si! Mina miatso aseye, eye míakpɔ dzidzɔ le eƒe xɔname ŋu!


Anyigba, megavɔ̃ o, tso aseye, eye nakpɔ dzidzɔ, elabena Yehowa le nu gã wo ge.


Yuda ƒe aƒe kple Israel ƒe aƒe, alesi mienye fiƒoɖe le dukɔwo ɖomee la, nenema maxɔ na mi, be miazu yayra; migavɔ̃ o, agbe neɖo miaƒe asiwo me!


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite