Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Zefania 2:5 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

5 Baba na mi Krefa-ɖukɔ, mi amesiwo le atsiaƒu nu! Filistitɔwo ƒe anyigba Kanaan, mia ŋue Yehowa ƒe gbe va ɖo, eye matsrɔ̃ wò, ale be ame navɔ le dziwò.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

5 Baba na mi Keretitɔwo, mi ame siwo le ƒuta; O Kanaan, Filistitɔwo ƒe anyigba, Yehowa tsɔ nya ɖe mia ŋu be, “Matsrɔ̃ mi keŋkeŋkeŋ, eye ame aɖeke masusɔ o.”

Gade chapit la Kopi




Zefania 2:5
14 Referans Kwoze  

eyata ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi: Kpɔ ɖa, mado nye asi ɖa ɖe Filistitɔwo ŋu, matsrɔ̃ Kretatɔwo, eye mana amesiwo kpɔtɔ ɖe atsiaƒu nu la, nabu gbidii.


Nukaŋuti nagbɔ ɖe eme, esi wònye Yehowa ye de se na wò ɖe Askalon ŋu, eye wòda wò ɖe ƒutawo ŋu ɖe?


Mise Yehowa ƒe nya, si wògblɔ ɖe mi Israel-viwo, mi ƒome blibo, si wòkplɔ tso Egipte-nyigba dzi la ŋu:


tso Sixor, si si to Egipte ŋu gbɔ vaseɖe Ekron, si wobuna ɖe Kanaanitɔwo me la, ƒe liƒo ŋu le anyiehe. Filistitɔwo ƒe amegã atɔ̃awo nye: Gazatɔ, Asdodtɔ, Askalontɔ, Gadtɔ kple Ekrontɔ hekpe ɖe Avitɔwo ŋu le dziehe;


Eye wodi bena, yewoalée, ke wovɔ̃ ameha la; elabena wonyae bena, yewo ŋu wòdo lo sia ɖo; eye wogblẽe ɖi hedzo.


Ke nye gbe kple nye fameɖoɖo, siwo meɖe asi na nye dɔla nyagblɔɖilawo la, ɖe womeva mia fofowo dzi, ale be woyi ta me hegblɔ bena: Alesi Yehowa Zebaot ɖo be, yeawɔ mi ɖe miaƒe zɔzɔme kple míaƒe nuwɔnawo nu la, nenema wòwɔ mi oa?


Metsrɔ̃ ɖukɔwo, eye woƒe mɔ̃wo gbã; meɖo gbegbe woƒe ablɔwo, eye ame megatoa wo me yina, o; woƒe ɖuwo gbã zu aƒeɖo, eye ame vɔ le wo me.


Israel ƒe aƒe, mise nya sia, elabena mele konyifaha to ge ɖe mia ŋu!


Ame dahewo ƒe ame dahewo aɖu nu, eye hiãtɔwo anɔ anyi bɔkɔɔ, ke matsɔ dɔwuame awu wò ke, eye matsrɔ̃ wò ame susɔeawo.


Woawo nye. Filistitɔwo ƒe amegã atɔ̃awo, Kanaanitɔwo katã, Zidontɔwo kple Xiwitɔwo, siwo nɔ Libanon-towo dzi tso Baal-Xermon vaseɖe Xamat.


Míeyi ɖadze Kretitɔwo ƒe dziehe kple Yuda-nyigba kpakple Kaleb ƒe dziehe gome dzi, eye mieta dzo Ziklag.


Filisti-nyigba blibo la, meganɔ dzidzɔ kpɔm le esi ati, si ƒo wò la ŋe ta o! Elabena ƒli ado tso da ƒe ke me, eye eƒe kutsetse anye da toaʋala.


Mi ʋe me nɔ-lawo, mifa avi, elabena woatsrɔ̃ asitsalawo katã kple amesiwo do klosalogba ɖe ta.


Anyigba, siwo kpɔtɔ la, wonye; Filistitɔwo ƒe anyigbawo katã kple Gesuri blibo la,


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite