Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Zefania 1:7 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

7 Mizi ɖoɖoe le Aƒetɔ Yehowa ŋku me, elabena Yehowa ƒe ŋkeke la tu aƒe, elabena Yehowa do vɔsagbe la ɖi, eye wòkɔ amesiwo wòkpe la ŋu!

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

7 Mizi ɖoɖoe le Aƒetɔ Yehowa ŋkume, elabena Yehowa ƒe ŋkeke la tu aƒe. Yehowa dzra vɔsa ɖo, eye wòkɔ ame siwo wòkpe la hã ŋuti.

Gade chapit la Kopi




Zefania 1:7
39 Referans Kwoze  

Ke Yehowa le eƒe gbedoxɔ kɔkɔe la me; anyigba blibo la nezi ɖoɖoe le eŋku me.


Kpɔ ɖa, manyẽ nya asi ɖe wo ŋu, ne woazu aboyonu na woƒe kluviwo, eye miadze sii be, Yehowa Zebaot ye ɖɔm ɖa.


Yehowa ƒe ŋkeke gã la tu aƒe, etu aƒe, eye wòle du dzi ŋutɔ. Yehowa ƒe ŋkeke la ŋkɔ le ɖiɖim, eye kãletɔ le aʋaɣii dom sesĩe.


Gbemagbe enye hlɔ̃biagbe na Aƒetɔ, Yehowa Zebaot, ne wòabia hlɔ̃ eƒe futɔwo. Yi aɖu nu aɖi ƒo, eye wòamu woƒe ʋu; elabena Aƒetɔ, Yehowa Zebaot, le vɔsaŋkekenyuie ɖum le anyiehe-nyigba dzi, le Frat-tɔsisi la nu.


Ʋu ƒo Yehowa ƒe yi, ami ɖoe, alẽviwo kple gbɔ̃tsuwo ƒe ʋue, agbowo ƒe ayikuwo ŋu mie; elabena Yehowa le vɔsa ŋkekenyuie ɖum le Bozra kple lãwu ŋkekenyuie gã le Edom-nyigba dzi.


Mifa avi, elabena Yehowa ƒe ŋkeke la tu aƒe, egbɔna abe ŋusẽkatãtɔ ƒe nugbegblẽ ene.


Egadɔ dɔla bubuwo gblɔ bena: Migblɔ na amesiwo wokpe la bena: Kpɔ ɖa, medzra nye nuɖuɖu ɖo; wowu nye nyitsuwo kple lã damiwo, eye nuwo katã sɔ gbe; miva srɔ̃ɖeŋkekenyuieɖuƒe.


Elabena ŋkeke li na Yehowa Zebaot ɖe dadalawo katã kple ame kɔkɔwo, ɖe nusiwo katã kɔa ta dzi la ŋu, ne woabɔbɔ ɖe anyi;


Eɖo ŋu bena: Ŋutifafae! Vɔ sa ge meva na Yehowa. Mikɔ mia ɖokui ŋu, ne miava vɔsa la gbɔ kplim! Eye wòkɔ Isai kple viawo ŋu hekpe wo va vɔsa la gbɔe.


eye ne woƒe ƒometɔ, amesi be, yeatɔ dzo wo la, va, be yeafɔ ame kukuawo tso aƒea me, eye wòbia amesi kpɔtɔ ɖe xogã me be: Amea ɖe gale gbɔwò hã, eye wòɖo ŋu be: Ɖeke megali o la, agblɔ be. Mia nu, ne womagaɖo ŋku Yehowa ƒe ŋkɔ dzi o.


Yehowa le gbe ɖem le eƒe aʋakɔ ŋgɔ, eƒe aʋakɔ lolo ŋutɔ, eye ame sesẽe nye eƒe gbe dzi wɔla; elabena Yehowa ƒe ŋkeke la tri akɔ, eye ŋɔdzi le eŋu ŋutɔ, amekae ate ŋu anɔ te ɖe enu?


Kpɔ ɖa, egbɔna, ŋkeke la gbɔna! Nuwɔame do, ameƒoti ƒo se, eye dada de ama!


Anyigbadzinɔla, nuwɔame gbɔna ɖe dziwò! Ɣeyiɣi la gbɔna, nuxagbe tu aƒe, eye menye aseyetsotso le towo dzi o!


Tete megblɔ be: Alele, evɔ nam! Elabena ame miyi makɔmakɔtɔ menye, eye mele dukɔ, si ƒe nuyi mekɔ o la dome, elabena nye ŋkuwo kpɔ fia Yehowa Zebaot.


eye mitsɔ dzidzɔ da akpe na Fofo, si na miedze ame kɔkɔewo ƒe domenyinyi ƒe gomekpɔkpɔ le kekeli la me,


Amewo katã nanya miaƒe tufafa! Aƒetɔ la gogo.


Blewu, oo ame! Ameka nènye, wò amesi le nya hem kple Mawu la mahã? Ɖe numeme la lagblɔ na mela bena: Nukaŋuti nèmem ale mahã?


Ke míenyae bena, nusianu, si se la le gbɔgblɔm la, etonɛ na amesiwo le se la me, bene amesiame ƒe nu natsi te, eye xexeme blibo la katã nazu fɔɖila na Mawu.


amesi tsia aʋawɔwɔwo nu vaseɖe anyigba ƒe mlɔenu ke, eflia dati, eŋea akplɔ, eye wòtɔa dzo tasiaɖamwo!


Ke Saul megblɔ nyaa ɖeke gbemagbe o, elabena ebu be, nanee dzɔ ɖe edzi, ale be eŋu manya kɔ o; eŋutie mekɔ o kokoko.


Nukaŋuti ŋusẽkatãtɔ meɖo nuxi ɣeyiɣiatvo o, eye xɔlɔ̃awo mekpɔa eƒe ŋkekewo o?


Medɔ nye ame kɔkɔewo, meyɔ nye kalẽtɔwo, nye aseyetsolawo kple adegbeƒolawo ɖe nye dɔmedzoe la ŋu.


ekema maxaxa Ariel ɖo, konyifafa kple nuxaxa ayɔe, eye woazu Ariel vavã nam.


Elabena nye yi mũ aha le dziƒo, eye woge dze Edom, dukɔ, si medo busui la dzi hena ʋɔnudɔdrɔ̃.


Aleke, ŋkeke la! Elabena Yehowa ƒe ŋkeke la tu aƒe, eye gbegblẽ wònye tso ŋusẽkatãtɔ la gbɔ gbɔna.


Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi: Nyɔnu, siwo dzia ha le fiasãwo me la, afa avi gbemagbe, ame kukuwo asɔ gbɔ, eye woazi ɖoɖoe atso wo, aƒu gbe ɖe teƒewo katã.


Kpɔ ɖa, ŋkeke li gbɔna na Yehowa, eye woamã aboyonu le mewò.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite