Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Zefania 1:4 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

4 Mado nye asi ɖa ɖe Yuda kple Yerusalemtɔwo katã ŋu, eye ma-tsrɔ̃ Baal ƒe susɔea ɖa le teƒe sia akpe ɖe trɔ̃nuawo kple nunɔlawo ƒe ŋkɔ ŋu;

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

4 “Mado nye asi ɖe Yuda kple ame siwo katã le Yerusalem la gbɔ. Maɖe nu siwo katã susɔ na Baal la ɖa le teƒe sia; maɖe trɔ̃nuawo kple nunɔla siwo gasubɔa trɔ̃ hã ƒe ŋkɔwo ɖa,

Gade chapit la Kopi




Zefania 1:4
14 Referans Kwoze  

Ŋɔdzi ɖo Samariatɔwo le Bet-Awen ƒe nyivi la ŋuti; elabena esubɔlawo le nu xam le eta, eye eƒe trɔ̃nuawo le dzodzom nyanyanya, le esi eƒe ŋutikɔkɔe dzo le egbɔ ta.


Maho wò Aserawo ɖa le dowòme, eye magblẽ wò duwo.


Woƒe aƒewo anye ame bubuwo tɔ hekpe ɖe woƒe agblewo kple wo srɔ̃wo ŋu; elabena mado nye asi ɖe anyigba dzinɔlawo ŋu, Yehowa ye gblɔe!


Wogbã Baal ƒe vɔsamlekpuiwo kple ɣelegba, siwo le wo dzi la, le eƒe ŋku me, wòmũ Aserawo, eye wogbã aklama kpakpɛwo kple legba kɔkɔwo, eye wotu wo helɔ kɔ ɖe amesiwo sa vɔ na wo la ƒe yɔdowo dzi.


Matsi Samaria ƒe ka kple Axab ƒe aƒe la ƒe kpe ɖe Yerusalem dzi, eye matutu Yerusalem, abe alesi wotutua agba me tsɔna tsyɔ anyi ene.


Edo wo nuɖusi ɖa, tete anyigba mi wo.


Yehowa be: Egbem, eye nède megbe, eyata mado nye asi ɖa ɖe ŋuwò, eye matsrɔ̃ wò, nublanuikpɔkpɔ tim.


Mado nye asi ɖa ɖe wo ŋu, eye mado gbegbe kple aƒedo anyigba la tso gbe dzi vaseɖe Ribla le wo nɔƒewo katã, ne wòadze sii be, nyee nye Yehowa.


eyata kpɔ ɖa, mado nye asi ɖa ɖe mia ŋu, eye matsɔ mi awɔ nuhaha na dukɔwo, matsrɔ̃ mi ɖa le dukɔwo dome, miabu le anyigbawo dzi gbidii, eye magblẽ mi, ne miadze sii be, nyee nye Yehowa.


Yehowa anye ame dziŋɔ anɔ wo nu, elabena ana legbawo katã nu nayi le anyigba dzi, eye dukɔwo ƒe ƒukpowo katã aɖo gbe ɖa na, amesiame le enɔƒe.


Ado eƒe asi ɖa ɖe anyiehe ŋu, eye wòatsrɔ̃ Asur, ana Niniwe nazu gbegbe, eye wòaƒu kplakplakpla abe tagba ene.


Eye fia la gbã vɔsamlekpui, siwo le Axaz ƒe xɔta, siwo Yuda-fiawo ɖi, kple vɔsamlekpui, siwo Manase ɖi ɖe Yehowa ƒe aƒe ƒe xɔxɔnuwo kple eve la, eye wòɖe wo ɖa tso afima hetsɔ woƒe anyi ɖakɔ ɖe Kidron-tɔʋu la me.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite