Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Zefania 1:15 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

15 Dɔmedzoedogbe, hiãgbe kple xaxagbe, aƒedoɖigbe kple nu-gblẽgbee, blukɔ- kple vivitidogbee, alilikpo kple tsizidogbee;

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

15 Anye ŋkeke si dzi woatrɔ Mawu ƒe dɔmedzoe akɔ ɖe anyi; anye hiãgbe kple xaxagbe, anye dzɔgbevɔ̃e kple tsɔtsrɔ̃gbe. Ŋkeke sia anye blukɔ kple vivitidogbe, afu kple tsizidogbe,

Gade chapit la Kopi




Zefania 1:15
17 Referans Kwoze  

Viviti kple blukɔdogbe, alilikpo kple tsizidogbe wònye! Alesi agudzedze gbagbana ɖe towo, dzi la, nenema dukɔ gã sẽŋua ɖe avae, si tɔgbe menɔ anyi kpɔ gbeɖe, eye mele anyi nɔ ge le emegbe vaseɖe ƒome, siwo gbɔna la ŋɔli o.


Elabena Aƒetɔ, Yehowa Zebaot he ʋunyaʋunya, tsɔtsrɔ̃ kple toto ƒe ŋkeke va ŋutegabali la me; wowlu gliwo te, eye ɣlikpɛ ɖi ɖo ɖe to la gbɔ.


Ke wotsɔ nya ma ke dzra fifi dziƒo kple anyigba la ɖo, eye woda wo ɖi na dzo, vaseɖe ame mavɔ̃mawuwo ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ kple gbegblẽ ƒe ŋkeke la dzi.


Ke wò la, le wò dzi sesẽ, si metrɔ o la nu, nèƒo dziku nu ƒu ɖi na ɖokuiwò hena dziku ƒe ŋkeke kpakple Mawu ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ dzɔdzɔe ƒe ɖeɖefia la,


hafi ne tameɖoɖo la ƒe vidziɣi naɖo, eye ɣeyiɣi la nu nayi, abe alesi gbe ƒuƒu ʋua yae ene, hafi ne Yehowa ƒe dɔmedzoe heliheli nava mia dzi, eye hafi ne Yehowa ƒe dzikudogbe nava mia dzi!


Woƒe klosalo kple sika hã mate ŋu aɖe wo le Yehowa ƒe dɔmedzoedogbe o, eye eƒe ŋuʋa-ʋã ƒe dzo afiã anyigba blibo la; elabena ele anyigbadzitɔwo katã tsrɔ̃ ge zi ɖeka.


Yehowa le gbe ɖem le eƒe aʋakɔ ŋgɔ, eƒe aʋakɔ lolo ŋutɔ, eye ame sesẽe nye eƒe gbe dzi wɔla; elabena Yehowa ƒe ŋkeke la tri akɔ, eye ŋɔdzi le eŋu ŋutɔ, amekae ate ŋu anɔ te ɖe enu?


Alele, ŋkeke ma enye ŋkeke gã, eye eteƒe mekɔ o; xaxaɣi li na Yakob, ke woaɖee le eme.


Ke enumake le ŋkeke mawo ƒe xaxa megbe la ɣe la ado viviti, eye ɣleti megale ɖiɖi ge o, ɣletiviwo lage tso dziƒo, eye dziƒowo ƒe ŋusẽwo aʋuʋu.


Woaxaxa wò ɖo ɖe wò duwo katã me, vaseɖe esime wò gli kɔkɔ sesẽ, siwo ŋu nèle ŋu ɖom ɖo la, namũ adze anyi le wò anyigba blibo la dzi. Woaxaxa wò ɖo ɖe wò ɖu, siwo katã Yehowa, wò Mawu, na wò la me.


alo wode ko to la, kpo ɖa, xaxa kple viviti li; xaxa ƒe tsizi kple blukɔ me woatutu wo ade.


Kpɔ ɖa, Yehowa ƒe ŋkeke dziŋɔ la gbɔna, dziku kple dɔmedzoe heliheli, ne wòado gbegbe anyigba la, eye woatsrɔ̃ nuvɔ̃wɔlawo ɖa le edzi.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite