Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Zefania 1:14 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

14 Yehowa ƒe ŋkeke gã la tu aƒe, etu aƒe, eye wòle du dzi ŋutɔ. Yehowa ƒe ŋkeke la ŋkɔ le ɖiɖim, eye kãletɔ le aʋaɣii dom sesĩe.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

14 Yehowa ƒe ŋkeke ma tu aƒe vɔ, egbɔna kpuie. Miɖo to, le Yehowa ƒe ŋkeke ma dzi la, woado ɣli kple vevesese, aʋawɔlawo ƒe ɣlidodo ade dzi le afi ma.

Gade chapit la Kopi




Zefania 1:14
31 Referans Kwoze  

Elabena ŋkeke la gogo, Yehowa ƒe ŋkeke la tu aƒe, blukɔdogbe anye dukɔwo ƒe azã la.


Mizi ɖoɖoe le Aƒetɔ Yehowa ŋku me, elabena Yehowa ƒe ŋkeke la tu aƒe, elabena Yehowa do vɔsagbe la ɖi, eye wòkɔ amesiwo wòkpe la ŋu!


Yehowa le gbe ɖem le eƒe aʋakɔ ŋgɔ, eƒe aʋakɔ lolo ŋutɔ, eye ame sesẽe nye eƒe gbe dzi wɔla; elabena Yehowa ƒe ŋkeke la tri akɔ, eye ŋɔdzi le eŋu ŋutɔ, amekae ate ŋu anɔ te ɖe enu?


Elabena Aƒetɔ la ŋutɔ atsɔ aʋafia gã ƒe gbeɖeɖe kple mawudɔla gatɔ ƒe gbe kple Mawu ƒe kpẽɖiɖi aɖi tso dziƒo, eye amesiwo ku le Kristo me la, woatsi tre gbã;


Azã la ɖo, ŋkeke la ɖe, nuƒlela makpɔ dzidzɔ o, eye nudzrala maxa nu o; elabena dɔmedzoe va woƒe amehawo katã dzi


Kpɔ ɖa, kalẽtɔwo le avi fam le xexe, eye du nyui xɔlawo le avi fam hehehe.


Xesbon kple Eleale le boboe dom, eye wose woƒe ɣli le Yahaz ke. Eyata Moab ƒe aʋawɔlawo ɖo ɣli, eye eƒe luʋɔ dzo kpekpekpe.


Nɔviwo, migaɖu tse de mia nɔewo ŋuti o, bene womagadrɔ̃ ʋɔnu mi o; kpɔ ɖa, ʋɔnudrɔ̃la la le tsitre ɖe ʋɔtru la nu.


Ye latrɔ zu viviti, eye ɣleti latrɔ zu ʋu, hafi Aƒetɔ ƒe ŋkeke gã, si nye atsyɔ̃ŋkeke la nava ɖo.


Aleke, ŋkeke la! Elabena Yehowa ƒe ŋkeke la tu aƒe, eye gbegblẽ wònye tso ŋusẽkatãtɔ la gbɔ gbɔna.


eye le ŋukeklẽ me woatsɔ nyakpakpawo aɖi viɖe le mia ŋu, amesiwo ƒe fɔbubu mehe ɖe megbe tso blema ke o, eye woƒe gbegblẽ medɔa akalɔ̃e o.


Eye wògblɔ nam bena: Amos, nuka kpɔm nèle? Meɖo ŋu be: Kutsetse ɖiɖi kusi taŋ. Tete Yehowa gblɔ nam bena: Nye dukɔ Israel ɖiɣi ɖo, nyemagatsɔe akee azɔ o.


Gbemagbe la asiƒunu aɖl tso tɔmelãgbo la nu, avifafa atso du la ƒe to evelia, eye hoo-wɔwɔ gã atso togbɛwo dzl, Yehowa ye gblɔe!


Miku kpẽ le Zion, mido aƒa le nye to kɔkɔe la dzi! Anyigbadzitɔwo katã nedzo nyanyanya, elabena Yehowa ƒe ŋkeke la gbɔna, etu aƒe!


Eyata gblɔ na wo be: Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi: Matsi nya siawo tɔgbe nu, eye womagagblɔe le Israel azɔ o, ke boŋ gblɔ na wo bena: ɣeyiɣi la kple ŋutegawo katã ƒe nyawo tu aƒe.


Wòxɔ duwo, eye wòxɔ mɔ̃ sesẽwo. Moab-kalẽtɔwo ƒe dzi le ɣemaɣi abe nyɔnu, si le ku lém ƒe dzi ene.


Alele, ŋkeke ma enye ŋkeke gã, eye eteƒe mekɔ o; xaxaɣi li na Yakob, ke woaɖee le eme.


Lãkplɔviwo ƒe ɣli kple lãha ƒe bubumewo ƒe avi le ɖiɖim; elabena Yehowa gblẽ woƒe lãnyiƒe,


Howɔwɔ ƒe ɖiɖi tso dua me, gbe tso gbedoxɔ me, Yehowa, amesi aɖo eteƒe na eƒe futɔwo la ƒe gbe ye!


amesi ƒe gbe ʋuʋu anyigba la le ɣemaɣi me; ke azɔ la eɖo ŋugbe gblɔ be: „Esusɔ zi ɖeka, eye menye anyigba ɖeɖeko maʋuʋu o, ke boŋ dziƒo hãe.“


Amewo katã nanya miaƒe tufafa! Aƒetɔ la gogo.


alo wode ko to la, kpo ɖa, xaxa kple viviti li; xaxa ƒe tsizi kple blukɔ me woatutu wo ade.


Miaƒe sisilawo asi, eye woano towo dzi abe akpakpawo le agato me ene, eye wo katã woanɔ xɔxlɔ̃m le woƒe vodadawo la.


Nukaŋuti mele wo kpɔm dzidzi ƒo wo, eye wogbugbɔ ɖe megbe, wogbã woƒe kalẽtɔwo gudugudu, eye wòsi womegale megbe kpɔm o? Yehowa be: Ŋɔdzi li godoo.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite