Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Zefania 1:13 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

13 Woaha woƒe ke-sinɔnuwo, eye woƒe aƒewo azu aƒedo; woatu xɔ, ke womanɔ eme o, eye woade weingble, ke womano eƒe wein o.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

13 Woava ha woƒe kesinɔnu gbogboawo adzoe, woagbã woƒe aƒewo, woatso aƒewo, ke womanɔ wo me o, woade waingblewo, ke womano wain tso wo me o.”

Gade chapit la Kopi




Zefania 1:13
24 Referans Kwoze  

Esi miefanya ame dahewo kple afɔ, eye miexɔ blidzɔ le wo si la, eyata miatsɔ kpe fufuwo atu xɔe, gake mianɔ wo me o; miade weingble nyowo, gake miano woƒe wein o.


Àƒã nu, ke màŋe nu o; ãɖa ami, ke mãkpɔ ami asi o; àfiã aha, ke mãkpɔ wein ano o.


Abia nyɔnu ta, ke ŋutsu bubu agblẽe; atu xɔ, ke manɔ eme o, ade weingble, ke mawɔ eŋu dɔ o.


matsɔe ade asi na ame tutɔwo, ne woaha, eye matsɔe ade asi na anyigba dzi ame vɔ̃ɖiwo, ne woaɖe aboyoe, eye woagblẽ kɔ ɖo nɛ.


Matsɔ wò kesinɔnuwo kple wò nu xɔasiwo ana woaha, eye womaxe fe ɖe wo ta o, le wò nuvɔ̃, siwo katã nèwɔ le wò anyigbawo katã dzi la ta,


Mi nyɔnuwo, mise Yehowa ƒe nya, eye eƒe nu me nya nege ɖe miaƒe towo me; mifia nuxaxa mia vinyɔnuwo, eye nyɔnu sia nyɔnu nefia konyifaha ehavi.


Àde weingble, eye awɔ dɔ le eŋu, ke makpɔ wein ano o, eye màgbe kutsetsea ɖeke hã o, elabena ŋɔwo aɖui.


Mahe to na amesiwo katã tia kpo flɔa kpuiwo, eye wotsɔa ŋu-tasese kple alakpadada yɔa wo-ƒe aƒetɔ ƒe xɔwo taŋ la, gbemagbe.


Eyata le mia ta woade Zion abe agble ene, Yerusalem azu glikpo, eye gbedoxɔ ƒe to azu togbɛ toave.


Eyata metrɔ nye dɔmedzoe ƒo ɖe wo dzi, metso nye dzinu ƒe dzo tsrɔ̃ wòe, eye mehe woƒe zɔzɔme va woƒe ta dzi, Aƒetɔ Yehowa ye gblɔe!


Woatsɔ woƒe klosalo aƒu gbe ɖe kpɔdomee, eye wòabu woƒe sika ŋunyɔnui; woƒe klosalo kple sika maɖe wo le Yehowa ƒe dzikudogbe o; womate atsi woƒe dɔwuame nu o, eye womatsɔe aɖi ƒoe o; elabena eyae ble wo de vodada me.


Amesi nye ŋutsu nyanu la, nèse esia gɔme, eye amesi Yehowa ƒe nu toa nya na la, eya negblɔ nusi ta wotsrɔ̃ anyigba la, eye wogblẽe wòzu gbegbe, ale be amea ɖeke megatoa edzi yina o la ɖo.


Aɖu wò agblemenu kple wò abolo, aɖu wò ŋutsuviwo kple wò nyɔnuviwo, aɖu wò alẽwo kple wò nyiwo, aɖu wò weinka kple wò gbotiwo, eye atsɔ yi agba wò du sesẽ, siwo ŋu nèle dzi ɖem ɖo.


Gligbagbã tsia ɖe wo nɔewo nu, elabena wogblẽ anyigba blibo la; woagblẽ nye xɔwo enumake kple nye agbadɔwo le aɖabaƒoƒo ɖeka me.


Dzata do tso avegoe me, dukɔwo gblẽla tso, eye woho tso enɔƒe, be woatso wò anyigba awɔ gbegbee, eye wòagblẽ wò duwo woazu aƒedo.


Tete megblɔ bena: Aƒetɔ, vaseɖe ɣekaɣie? Eɖo ŋu bena: Vaseɖe esime duwo nagbã, eye woazu aƒedo, xɔwo nazu xɔdo, eye anyigba nazu gbegbe,


Aɖu wò lãwo kple wò agblemenuwo, vaseɖe esi natsrɔ̃ avɔ, eye bli, wein kple ami kpakple wò nyinɔ kple wò alẽnɔa ɖeke masusɔ na wò vaseɖe esime natsrɔ̃ avɔ o.


Matsɔ nye to le agble me, wò kesinɔnuwo kple wò nu xɔasiwo katã kpakple wò nuxeƒewo ana woaha, le nuvɔ̃, siwo nèwɔ le wò anyigbawo katã dzi la ŋuti.


Míaƒe domenyinu ge ɖe amedzrowo si me, eye míaƒe aƒewo ge ɖe ɖu bubu me tɔwo si me.


Mana dukɔwo ƒe vɔ̃ɖitɔwo nava xɔ woƒe aƒewo, matsi ŋusẽtɔwo ƒe dàda nu, eye woagblẽ ko ɖo na woƒe kɔkɔeƒewo.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite