Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Zefania 1:11 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

11 Mi ʋe me nɔ-lawo, mifa avi, elabena woatsrɔ̃ asitsalawo katã kple amesiwo do klosalogba ɖe ta.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

11 Mifa avi, mi ame siwo le asiɖoƒe ƒe nutowo me, miaƒe asitsalawo katã atsrɔ̃, eye ame siwo katã dzraa klosalonuwo la hã atsrɔ̃.

Gade chapit la Kopi




Zefania 1:11
16 Referans Kwoze  

Azɔ la miheyi, mi kesinɔtɔwo; mifa avi, eye mido wuwui le miaƒe nublanuitɔnyenye, si le mia dzi va ge la ŋuti!


Eye ne wova gblɔ na wò be: Nukata nèle hũ ɖem ɖo hã la, ekema ɖo ŋu na wo bena: Le nya la tae, elabena ele eme va ge, dziwo katã alólo gbanaa, eye asiwo katã ado agblɔ, dzi aɖe le amewo katã ƒo, eye klowo katã alólo azu tsi. Kpɔ ɖa, egbɔna, eye wòle eme va ge, Aƒetɔ Yehowa ye gblɔe!


Mifa avi, mi lãkplɔviwo, mido aƒa, eye miƒo togotogoe, mi lãha ƒe bubumewo, elabena miaƒe azã de, ne woawu mi, eye makaka mi ahlẽ, ne mianɔ abe agba xɔasi, si ge dze anyi ene!


eye wògblɔ na amesiwo le akpakpawo dzram la bena: Mitsɔ nusiawo dzoe le afisia, eye migatsɔ Fofonye ƒe aƒe la wo nudzraƒee o!


Mi nunɔlawo, mibla ali dzi, ne miafa konyi! Mi vɔsamlekpui la subɔlawo, mifa avi! Miva miatsi akpanya me adɔ, mi, nye Mawu subɔlawo; elabena nuɖuvɔsa kple nunovɔsa nu tso le mia Mawu ƒe me.


Mi ahamulawo, minyɔ, eye mifa avi! Mi weintsunolawo katã, mixa nu ɖe aha yeye ŋu, elabena woɖee le nu me na mi.


Elabena ne wosi le gbegblẽ nu la, Egipte aƒo wo nu ƒu, eye Mof aɖi wo. Dza ato ɖe woƒe klosalonu veviwo dzi, eye aŋɔka amie ɖe woƒe agbaɖɔwo me.


Le esia ta mita akpanya, mifa konyi, eye mifa avi, elabena Yehowa ƒe dɔmedzoe heliheli la nu mefa ɖe mía ŋu o.


Ne eli kɔ klosalo abe ke ene, eye wotu avɔ ɖo abe anyi ene la,


ekema ɖeko wòtu wo ɖo dzro; ame dzɔdzɔe atsɔ wo ata, eye ame maɖifɔ ama klosaloawo.


Baba na mi Krefa-ɖukɔ, mi amesiwo le atsiaƒu nu! Filistitɔwo ƒe anyigba Kanaan, mia ŋue Yehowa ƒe gbe va ɖo, eye matsrɔ̃ wò, ale be ame navɔ le dziwò.


Ze, siwo katã le Yerusalem kple Yuda la ŋu: akɔ na Yehowa Zebaot; vɔsalawo katã ava atsɔ wo aɖa nu le wo me, eye nudzrala ɖeke maganɔ Yehowa Zebaot ƒe me le ɣemaɣi o.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite