Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Yosua 9:5 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

5 wodo atokota xoxo, siwo woka la de afɔ, woƒe awuwo do xoxo, eye abolo, siwo katã woɖo asi la, ƒu hefli keŋkeŋ.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

5 Wodo awu vuvuwo kple afɔkpa siwo te vuvu wogbugbɔ tɔ, eye abolo si wotsɔ ɖe asi hã ƒu hedze fufu.

Gade chapit la Kopi




Yosua 9:5
7 Referans Kwoze  

Ke fofoa gblɔ na eƒe dɔlawo bena: Miyi ɖatsɔ awu nyuitɔ vɛ, be miado nɛ, eye miɖe asigɛ asi nɛ, kple atokotawo ɖe eƒe afɔwo;


míaƒe weingolo siawo la yeye wole, hafi míeku wein ɖe wo me, ke azɔ la wovuvu, eye míaƒe avɔ kple atokota siawo do xoxo, le esi mɔa didi akpa ta.


Wò gametiwo nye gayibɔ kple akɔbli, eye akpɔ dzudzɔ le wò agbe me ŋkekewo katã me.


Miekpɔ abolo ɖu o, eye mieno wein alo aha mũamea ɖeke o, ne miadze su be, nyee nye Yehowa, mia Mawu.


woawo hã wɔ ayenu, eye wodzra mo dzi nuɖuɖu ɖo, wotsɔ kotoku xoxowo ɖo woƒe tedziwo dzi, eye wotso weingolo xoxo vuvu, siwo woka,


Eye wova Yosua gbɔ le asaɖa me le Gilgal gblɔ na eya kple Israel-ŋutsuwo bena: Anyigba didia ɖe dzi míetso va, eye miedi be, miabla nu kpli mi!


Esi miele mo dzi dze ge ava mia gbɔ la, eya mietsɔ abolo siawo dzodzo le míaƒe xɔwo me ɖo asi, ke azɔ la woƒu hefli keŋkeŋ:


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite