Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Yosua 9:3 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

3 Ke esi Gibeon-tɔwo se nusi Yosua wo Yerixo kple Ai la,

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

3 Ke Gibeontɔwo, ame siwo nye Hivitɔwo la se nu si Yosua wɔ Yeriko kple Ai.

Gade chapit la Kopi




Yosua 9:3
17 Referans Kwoze  

wova ŋutɔ; elabena Gibeon-du la lolo abe fiaduwo dometɔ ɖeka ene, elolo wu Ai, eye eme ŋutsuwo katã nye kalẽtɔwo.


Eye esi Israel-viwo ho la, wova woƒe duwo me le ŋkeke etɔ̃agbe; woƒe duawo nye: Gibeon, Kefira, Berot kple Kiryat-Yearim.


woawo hã wɔ ayenu, eye wodzra mo dzi nuɖuɖu ɖo, wotsɔ kotoku xoxowo ɖo woƒe tedziwo dzi, eye wotso weingolo xoxo vuvu, siwo woka,


Tete Yosua yɔ wo gblɔ na wo bena: Nukaŋuti mieble mí gblɔ bena, didiƒe ke yewotso, evɔ wònye mietsɔ ɖe mia gbɔ hafi?


Dua ɖeke mewɔ xɔlɔ̃ kple Israel-viwo o, negbe Xiwitɔ, siwo nɔ Gibeon la ko; ke boŋ aʋa wowɔ hafi xɔ wo katã.


Esiwo le Benyamin-to la me, wonye: Gibeon kple eŋu lãnyiƒe, Geba kple eŋu lãnyiƒe,


Eye wòva me le ƒe ma me le Yuda-fia Zedekiya ƒe fiaɖuɖu ƒe gɔmedzedzea me le ƒe enelia ƒe dzinu atɔ̃lia me be, nyagblɔɖila Xananya, Asur vi tso Gibeon, gblɔ nam le Yehowa ƒe me le nunɔlawo kple dukɔ blibo la ŋku me bena:


Esi Yerusalem-fia Adonizedek se bena, Yosua xɔ Ai, eye wòtsrɔ̃e gbidigbidi, ewɔ Ai kple eme fia, abe alesi wòwɔ Yerixo kple eme fia ene, eye Gibeontɔwo wɔ xɔlɔ̃ kple Israel, eye wole wo dome la,


Eye Yosua xɔ Makeda le ŋkeke ma ke dzi; ewu wo kple yi, eye wotsrɔ̃ eme fia kple amesiwo katã le eme la gbidigbidi, eye mena amea ɖeke si o, eye wòwɔ Makeda-fia, abe alesi wòwɔ Yerixo-fia ene.


Eye Yehowa tsɔ eya hã kple eme fia ɖe asi na Israel, eye wotsrɔ̃e kple eme nɔlawo katã kple yi; womèna amea ɖeke si o, eye wowɔ eme fia, abe alesi wowɔ Yerixo-fia ene.


Gibeon, Rama, Beerot,


Eye Abner, Ner vi, kple Saul vi Is-Boset ƒe dɔlawo ho tso Maxanayim yi Gibeon.


Gibeonitɔ Yismaya, amesi nye kalẽtɔ le ame blaetɔ̃awo dome, eye wòle ame blaetɔ̃awo nu; Yeremya, Yaxaziel, Yoxanan kple Gederatitɔ Yozabad;


eye ameha blibo la kpe ɖe Salomo ŋu woyi vosaƒe le Gibeon, elabena Mawu ƒe agbadɔ, si Yehowa ƒe dɔla Mose wɔ le gbe dzi la, le afima.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite