Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Yosua 9:25 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

25 Kpɔ ɖa, miele asiwò me, alesi dzɔ, eye wònyo ŋuwò nebe, yeawɔ mí ko la, wɔ mí!

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

25 Ke azɔ la, míele miaƒe asi me, miwɔ nu si dze mia ŋu la kpli mí.”

Gade chapit la Kopi




Yosua 9:25
12 Referans Kwoze  

Tete Abram gblɔ na Sarai bena: Kpɔ ɖa, wò kosi la le asiwò me, wɔ nusianu, si nyo ŋuwò la, ɖo eŋu faa! Tete Sarai bɔbɔe ɖe anyi; eyata wòsi le egbɔ.


Ke nye la mele mia si me, miwɔm abe alesi dze, eye wònyo mia ŋu ene.


Ke Israel-viwo gblɔ na Yehowa bena: Miewɔ nuvɔ̃, eyata wɔ mí, alesi dze ŋuwò; ke ɖe mí fifia ko!


ẽ, Fofo, elabena nenema enyo ŋuwò.


Fia Zedekiya ɖo ŋu bena: Kpɔ ɖa, ele mia si me, elabena fia la mate ŋu awɔ naneke atsi tre ɖe mia ŋu o.


Medo dɔmedzoe ɖe nye dukɔ ŋu, medo gu nye domenyinu, eye metsɔ wo de asi na wò; ke mèkpɔ nublanui na wo o, eye nètsɔ wò kɔkuti kpekpe do amegã ɖeɖiwo dzi.


Dawid gblɔ na Gad bena: Mexaxa ŋutɔ! Na miadze Yehowa si me, elabena eƒe amenuveve sɔ gbɔ, ke nyemele amegbetɔwo si me dze ge o!


Tete Samuel gblɔ wo katã ne, eye meɣla ɖeke ɖee o. Eye wòɖo ŋu bena: Yehowae, newɔ nusi dze eŋu ko!


Eye esi wòva Sukottɔwo gbɔ la, egblɔ bena: Zebax kple Zalmuna enye si, amesiwo mietsɔ ɖu fewu le ŋunye gblɔ bena: Ɖe wò asi tu Zebax kple Zalmuna, hafi miana abolo wò ame, siwo ŋu ɖeɖi te belibeli la mahã?


Eye wòwɔ wo nenema heɖe wo tso Israel-viwo si me, ale be womewu wo o.


Gake ne egblɔ be, nye nu menyo ye ŋu o la, nyee nye esi, newɔm, alesi dze eŋu!


Tete amesi le aƒea nu kple amesi le dua nu kple ame tsitsiwo kpakple ɖeviawo dzikpɔlawo ɖo ame ɖo ɖe Yehu, ne woagblɔ nɛ bena: Wò dolawo míenye, eye nusianu, si nagblɔ na mi la, míawɔe; miele amea ɖeke tso ge aɖo fiae o; wo nusianu, si dze ŋuwò!


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite