Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Yosua 9:24 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

24 Woɖo ŋu na Yosua bena: Ɖe wogblɔ na wò dɔlawo bena, Yehowa, wò Mawu, de se na eƒe dɔla Mose be, yeatsɔ anyigba blibo la na mi, eye yeatsrɔ̃ anyigbadzitɔwo katã le mia ŋgɔ, eye mieva be, miava wu mí, eyata miewɔ alea ɖo.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

24 Gibeontɔwo ƒe kplɔlawo ɖo eŋu be, “Míeble mi nenema, elabena míese be Yehowa ɖo na eƒe dɔla, Mose be wòaɖu anyigba blibo la dzi, eye wòatsrɔ̃ ameawo katã le anyigba la dzi. Ale míevɔ̃ mi, ɖe míaƒe agbe ta, eya ta míeble mi nenema ɖo.

Gade chapit la Kopi




Yosua 9:24
14 Referans Kwoze  

Eye migavɔ̃ amesiwo le ŋutilã wum, eye womate ŋu awu luʋɔ o la o, ke boŋ mivɔ̃ amesi ate ŋu atsrɔ̃ luʋɔ kple ŋutilã siaa le dzomavɔʋe me.


Tete Satana ɖo ŋu na Yehowa gblɔ bena: Ŋutigbalẽ ɖe ŋutigbalẽe teƒe, eye amegbetɔ atsɔ nusiwo katã te esi la, ana be eƒe agbe ta.


Woɖo ŋu nɛ bena: Wò dolawo tso anyigba didi booa ɖe dzi va le Yehowa, wò Mawu ƒe ŋkɔ la ta, elabena miese eŋkɔ kple nusiwo katã wòwɔ le Egipte,


gblɔ na wo bena: Menyae bena, Yehowa le anyigba la tsɔ ge na mi, ŋɔdzi, si le mia ŋu la, va lé mí, eye anyigbadzitɔwo katã de asi nua vɔvɔ̃ me.


Esi míesee la, dzi ɖe le mia ƒo, eye kalẽ megale amea ɖeke me ɖe mia ŋu o, elabena Yehowa, mia Mawu, enye Mawu le dziƒo afime kple anyigba dzi afi.


Eye wotsɔ yi tsrɔ̃ ŋutsuwo kple nyɔnuwo, ɖeviwo kple ame tsitsiwo, nyiwo kple alẽwo kpakple tedziwo keŋkeŋ.


wova ŋutɔ; elabena Gibeon-du la lolo abe fiaduwo dometɔ ɖeka ene, elolo wu Ai, eye eme ŋutsuwo katã nye kalẽtɔwo.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite