Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Yosua 9:14 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

14 Tete ŋutsuawo xɔ woƒe mɔ dzi nuɖuɖuawo, gake womebia gbe Yehowa se o.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

14 Amedzroawo na nuɖuɖu Israelviwo, eye woxɔe abe ɖekawɔwɔ ƒe dzesi ene le esime womebia Yehowa gbã tso eŋu o.

Gade chapit la Kopi




Yosua 9:14
17 Referans Kwoze  

Ele nɛ be, wòava nunɔla Eleazar gbɔ, bena wòatsɔ Urim abia nu nɛ le Yehowa ŋku me; eye alesi wògblɔ la, eya nu woa kple Israel-viwo ƒe ha blibo la katã naho, eye woagatrɔ agbɔ ɖo.


Le Yosua ƒe ku megbe la Israel-viwo bia Yehowa bena: Mia dometɔ kae atre hoho ayi aɖawɔ aʋa kple Kanaanitɔwo?


Ke ne mia dometɔa ɖe le nunya hiãm la, neɖe kuku na Mawu, si na amewo katã faa, eye medoa ŋukpe ame o la, eye wòatsɔe anɛ.


Tete mede gbe ƒã le Ahawatɔsisi la nu be, woatsi nu adɔ, ne míabɔbɔ mía ɖokui ɖe anyi le mía Mawu ŋku me, eye míabia afɔ nyui tsɔtsɔ tso esi na mía ŋutɔwo, mía viwo kple míaƒe kesinɔnuwo katã.


Eye Dawid bia nu Yehowa bena: Mahe ɖe Filistitɔwo ŋua, eye ɖe atsɔ wo ade asi nama? Yehowa ɖo ŋu na Dawid bena: Ho yi, elabena matsɔ Filistitɔwo ade asi na wò!


eye Aron vi Eleazar ƒe vi Pinexas subɔ le eŋku me ɣemaɣi. — Ɖe míagaho aʋa ɖe mia nɔvi Benyamin-viwo ŋu loo, alo míatasia? Tete Yehowa gblɔ bena: Miyi, elabena matsɔ wo aɖe asi na mi etsɔ!


Le nya sia megbe la Dawid bia Yehowa bena: Mayi Yuda-duawo dometɔ ɖeka mea? Yehowa ɖo ŋu nɛ bena: Yi! Eye Dawid gblɔ be: Afika yi ge mala? Yehowa ɖo ŋu bena: Yi Xebron!


Tete woho va Betel, eye Israel-viwo bia Mawu bena: Mía dometɔ ka atre aʋahoho ɖe Benyamin-viwo ŋu? Yehowa gblɔ bena: Yuda netre hoho!


Ebia nu Yehowa nɛ, etsɔ mɔ dzi nuɖuɖu ne, eye wotso Filistitɔ Goliat ƒe yi ne.


Eye natsɔ Urim kple Tumim ade akɔtaɖonu, si enye nyametsonu la me, bena ne Aron yi Yehowa ƒe ŋku me la, wòanɔ eƒe dzi dzi. Israel-viwo ƒe nyametsonu nanɔ Aron ƒe dzi dzi le Yehowa ƒe ŋku me tegbee.


míaƒe weingolo siawo la yeye wole, hafi míeku wein ɖe wo me, ke azɔ la wovuvu, eye míaƒe avɔ kple atokota siawo do xoxo, le esi mɔa didi akpa ta.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite