Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Yosua 9:11 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

11 Eyata miaƒe ame tsitsiwo kple anyigbadzitɔwo katã gblɔ na mi bena: Mido mo dzi nuɖuɖu asi, miyi ɖakpe wo, eye migblɔ na wo bena: Miaƒe dolawo míenye, eyata mibla nu kpli mí!

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

11 eya ta míaƒe ametsitsiwo kple míaƒe amewo gblɔ na mí be, ‘Midzra ɖo na mɔ didi aɖe zɔzɔ. Miyi Israelviwo gbɔ, eye miatsɔ míaƒe dukɔ na wo, ale be míazu woƒe subɔlawo, eye miabia ŋutifafa.’

Gade chapit la Kopi




Yosua 9:11
9 Referans Kwoze  

Yudatɔwo kpɔ dzidzɔ, wotso aseye, wotu aglo, eye woɖu ŋkekenyuie le anyigbawo katã dzi kple du, siwo katã, me, fia ƒe nya kple eƒe se la de; eye anyigba dzi dukɔwo dometɔ geɖewo trɔ zu Yudatɔwo, elabena Yudatɔwo ƒe ŋɔdzi lé wo.


Wogblɔ na Yosua bena: Wò dɔlawo míenye. Yosua bia wo bena: Amekawo míenye, eye afika míetso?


Eye wògblɔ na wo bena: Migatsɔ naneke ɖe asi hena mɔzɔzɔ o, ati loo, alo kotoku alo abolo alo klosalo alo awu eve o.


Mitsa le asaɖa lãme, ne miade se na dukɔ la bena: Midzra mɔ dzi nuɖuɖu ɖo, elabena ŋkeke etɔ̃ megbe la miele Yordan sia tso ge ayi aɖaxɔ anyigba, si Yehowa, mia Mawu be, yeatsɔ na mi wòanye mia tɔ la.


Migatsɔ ga bubu ɖe asi hekpe ɖe ga, siwo miekpɔ le blia dzi le kotokuawo me la ŋuti. Ɖewohi ɖe woɖe ŋu ɖi.


kpakple nusiwo katã wòwɔ Amoritɔwo ƒe fia eveawo le Yordan godo, siwo nye Sixon, Xesbon-fia, kple Og, Basan-fia, sina Astarot.


Esi miele mo dzi dze ge ava mia gbɔ la, eya mietsɔ abolo siawo dzodzo le míaƒe xɔwo me ɖo asi, ke azɔ la woƒu hefli keŋkeŋ:


Tete amesi le aƒea nu kple amesi le dua nu kple ame tsitsiwo kpakple ɖeviawo dzikpɔlawo ɖo ame ɖo ɖe Yehu, ne woagblɔ nɛ bena: Wò dolawo míenye, eye nusianu, si nagblɔ na mi la, míawɔe; miele amea ɖeke tso ge aɖo fiae o; wo nusianu, si dze ŋuwò!


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite