Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Yosua 8:20 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

20 Eye esi Aitɔwo nye kɔ kpɔ megbe la, dzudzɔ de dzi le du la ŋu, ke womenya afika gɔ̃ woasi ayi o, elabena aʋakɔ, si si ɖo ta gbedzi la, trɔ ɖe wo ŋu.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

20 Aitɔwo ƒe aʋawɔlawo nye kɔ kpɔ megbe, kasia wokpɔ dzudzɔ la wòyi ɖatɔ keke dziŋgɔli. Mɔ aɖeke meganɔ anyi na sisi o, elabena Israelviwo, ame siwo si ɖo ta gbegbe la, trɔ hena aʋawɔwɔ kpli wo azɔ.

Gade chapit la Kopi




Yosua 8:20
14 Referans Kwoze  

Eye wogagblɔ zi evelia bena: Mikafu Yehowa! Eye eƒe dzudzɔ le tutum le dziƒo yim tso mavɔ me yi ɖe mavɔ me.


Eye ne anyigba dzi tia, siwo wɔ amatre kplii, eye wonɔ hadzegbe kplii la, akpɔ eƒe bibi ƒe dzudzɔtutu la, woafa avi, eye woafa konyi nɛ.


Matsi o zã kple keli, eye eƒe dzudzɔ ade dzi tegbee, atsi anyi gbegbee tso dzidzime yi dzidzime, eye amea ɖeke mato edzi akpɔ o tegbee.


Eklẽ, eye ŋuwò kɔ wu blematowo.


Nu ati kɔ na ame vlowo ƒe ŋkuwo, sitsoƒewo katã abu ɖe wo, eye woƒe mɔkpɔkpɔ la luʋɔ ƒe ƒuƒue.


Eye esi wòkpɔ Sodom kple Gomora kple afima nutowo katã me le abu me ɖa la, kpo ɖa, dzudzɔ gãa ɖe le dzi dem tso anyigba la dzi abe aŋɔɖaƒe ene.


Esi wòdo eƒe asi ɖa la, xadelawo wɔ kaba tso le wo nɔƒe hege ɖe du la me, eye woxɔe, eye wòtɔ dzo du la.


Ke esi Yosua kple Israel blibo la kpɔ bena, xadelawo xɔ dua, eye dzudzɔ de dzi le dua ŋu la, wotrɔ, eye wosi Aitɔwo.


Eye Israel-ŋutsuwo kple xadelawo ɖo gbe ɖi bena: Mina dzudzɔ nade dzi le du la ŋu kɔlii!


Tete dzudzɔ de dzi le du la ŋu kɔlii, eye esi Benyamin trɔ la, kpɔ ɖa, dzudzɔ le lutum tso ɖu blibo la me ɖo ta dzi.


Esi Israel-ŋutsuwo trɔ gbɔna la, dzidzi ƒo Benyamin-viwo, elabena wokpɔ bena, dzɔgbevɔ̃e tu yewo.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite