Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Yosua 8:14 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

14 Esi Ai-fia kpɔ esia la, dua me ŋutsuwo fɔ ŋɖi kanya kplakplakpla heho aʋa yi ɖakpe Israel, eye eya kple eƒe aʋakɔ blibo la va teƒea ɖe le gbadzaƒe la nu; ke menya be, wode xa ɖe eŋu le du la ƒe ɣetoɖoƒe gome o.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

14 Ai fia kpɔ Israelviwo ɖa le balime la godo, eye wòkpe aʋa kpli wo le Araba gbedzi ŋdi kanya, ke menya be futɔwo de xa ɖe dua godo o.

Gade chapit la Kopi




Yosua 8:14
15 Referans Kwoze  

eye womedze sii o, vaseɖe, esime tɔɖɔɖɔ va, eye wòkplɔ wo katã yii ta, nenema ke lanye Amegbetɔvi la ƒe vava.


eye le ŋukeklẽ me woatsɔ nyakpakpawo aɖi viɖe le mia ŋu, amesiwo ƒe fɔbubu mehe ɖe megbe tso blema ke o, eye woƒe gbegblẽ medɔa akalɔ̃e o.


dɔla ma ƒe aƒetɔ ava te ŋkeke, si dzi mele mɔ kpɔm nɛ o kple gaƒoƒo, si menya o la dzi,


Esi azã de la, nye Nebukadnezar mefɔ mo dzi, nye mo gakɔ, eye mede akpe na dziƒoʋĩtɔ la, mekafu amesi le agbe tegbee la, eye mede bubu eŋu, eya amesi ƒe dziɖuɖu li tegbee, eye eƒe fiaɖuƒe le ƒomewo katã me.


Zoan-amegãwo zu bometsilawo, Nof-amegãwo flu wo ɖokui, amesiwo nye woƒe ƒomeawo ƒe dzogoekpewo na Egipte le nagbanagba kum.


Bometsilawo ɖeɖe sɔŋ nye Zoan-amegãwo, Farao ƒe adaŋudela nyanuwo; wodo lã woƒe adaŋudede. Aleke miagblɔ na Farao be: Nunyalawo ƒe vi menye, blemafiawo ƒe vi menye?


Amegbetɔ menya eƒe azãgbe o, ke boŋ abe alesi wotsɔa dɔ vɔ̃ɖi ɖea tɔmelãwo, eye wotsɔa mɔ̃ ɖea xewoe la, nenema woɖea amegbetɔviwo abe woawo ene le dzɔgbevɔ̃eɣi, ne eƒo ɖe wo dzi kpoyi.


Tete woyɔ duametɔwo katã ƒo ƒu, be woati wo yome, wonyã Yosua ɖe nu, eye wona woble yewo tso du la mee.


Ke mía kple aʋawɔlawo katã miazɔ ɖe du la dzi, eye ne wova kpe mí abe tsã ene la, ekema miasi le wo nu,


Esia nye nu, si Mose ƒo na Israel katã le Yordan ƒe go keme dzi le gbedzi, le Suf-tagba kasa, le Paran kple Tofel, Laban, Xazerot kple Disahab dome,


eye woɖo asaɖa blibo la ƒe aʋawɔla, siwo nɔ du la ƒe anyiehe gome, ale be eƒe mlɔenu de du la ƒe ɣedzeƒe gome Eye Yosua yi ɖe bali la me le zã ma me.


Eye Yosua kple Israel blibo la na Aitɔwo nyã wo, eye wòsi ɖo ta gbedzi.


Tete xadelawo wo kaba ho ɖo ta Gibea, eye woge ɖe me hetsrɔ̃ du blibo la kple yi.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite