Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Yosua 7:3 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

3 eye wòtrɔ va Yosua gbɔ gblɔ nɛ bena: Aʋakɔ blibo la megayi afima o, ke boŋ ame akpe eve alo akpe etɔ̃ ko neyi ɖasi Ai; mele vevie be, aʋakɔ blibo la nayi o, elabena womesɔ gbɔ o.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

3 Ŋkutsalawo trɔ gbɔ va gblɔ na Yosua be, “Ai nye du sue aɖe ko, míaƒe aʋawɔla akpe eve alo akpe etɔ̃ gɔ̃ hã ate ŋu axɔ du la bɔbɔe, eya ta mehiã be mí katã míayi o.”

Gade chapit la Kopi




Yosua 7:3
9 Referans Kwoze  

Eyata, nɔviwo, miɖo vevie wu tsãtɔ, bena miali ke mia yɔyɔ kple tiatia la sesĩe; elabena ne miewɔ nusiawo la, miada vo akpɔ o.


Eye esia ŋuti ke mitsɔ veviedodo katã kpe ɖe eŋuti, eye miɖe amewɔwɔ fia le miaƒe xɔse me, eye le amewɔwɔ me la sidzedze,


Azɔ minɛ miado vevie, bene míayi ɖe dzudzɔ ma me, bene amea ɖeke nagadze tosesẽ ma ke tɔgbea ɖeke me o.


Miʋli be, miayi ɖe agbo bii la me, elabena mele egblɔm na mi bena: Ame geɖewo ladi be, wòayi ɖe eme, eye womate ŋui o.


Kuviatɔ ƒe nudzodzro wunɛ, elabena eƒe asi gbe dɔwɔwɔ.


Nu le kuviatɔ dzrom, gake dzodzroe; ke veviedola aɖi ƒo.


Eye Yosua dɔ ŋutsuwo tso Yerixo ɖo ɖe Ai, si le Bet-Awen gbɔ, le Betel ƒe ɣedzeƒe gome hegblɔ na wo bena: Miyi ɖatsa ŋku le nuto la me! Tete ŋutsuawo yi ɖatsa ŋku le Ai,


Esi dukɔ la dome ame akpe etɔ̃ yi la, wòsi le Aitɔwo nu.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite