Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Yosua 7:24 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

24 Tete Yosua kple Israel blibo la kplɔ Axan, Zerax vi, hekpe de klosalo la, awu ʋlaya la kple sikakpɔti la kpakple viaŋutsuwo kple vinyɔnuwo, eƒe nyi, tedzi kple alẽwo, eƒe agbadɔ kpakple nusiwo katã le esi la ŋu, yi Axor-bali la me.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

24 Yosua kple Israelviwo katã kplɔ Akan, Zera ƒe vi, wotsɔ klosalo la, awu la kple sikakɔ la, eye wokplɔ via ŋutsuwo, via nyɔnuwo, eƒe nyiwo, tedziwo kple alẽwo, eye wokɔ eƒe agbadɔ kple nu sia nu si nɔ esi la yi Axor balime.

Gade chapit la Kopi




Yosua 7:24
18 Referans Kwoze  

Amesi le zãnuxɔxɔ yome dim la, eƒe aƒe agblẽ; ke amesi lé fu adzɔxɔxɔ la, anɔ agbe.


Yehowa be: Mahe to nɛ ɖe ŋkeke, siwo wòɖo dzudzɔ na Baalwo, wòɖe woƒe ga ŋɔti kple woƒe kɔsɔkɔsɔ kɔ, eye wodze eƒe ahiãviwo yome heŋlɔ nyea be la ta.


Saron azu alẽwo ƒe gbeɖuƒe, eye Axorbalime la azu nyiwo ƒe akɔtsyɔƒe hena nye dukɔ, si biaa tanye sena la.


hezɔ Axor-bali la me vaseɖe Debir, eye wònyè kpo to Gilgal, si le Adumim-to dzi mo kasa la, ƒe anyiehe le tonu la ƒe dziehe gome; emegbe liƒo la va to En-Semes-tɔ la ŋu va ke ɖe Rogel ƒe vudo la gbɔ.


wofɔ kpewo li kɔ gãa ɖe ɖe wo dzi, eye wòli vaseɖe egbe. Tete Yehowa ƒe dziku nu fa. Eyata wona ŋkɔ teƒe la bena Axor-balime, vaseɖe egbe.


Megade ta agu na wo o, eye megasubɔ wo o, elabena nye Yehowa, wò Mawu la, Mawu ʋãŋu menye, amesi ɖoa fofowo ƒe vodada teƒe na ɖevi, siwo léa tum la, vaseɖe dzidzime etɔ̃lia kple enelia dzi;


Ne nya vɔ̃a ɖe na kesinɔnu siawo bu, eye wòdzi ŋutsuvi le ekema naneke metsia esi me o.


Emi kesinɔnu, eye ele nɛ be, wòadzɔe; Mawu aɖee atso eƒe ɖɔ me.


Ke Israel-viwo meɖi anukware le busunuawo me o, elabena Axan, Karmi vi, amesi nye Sabdi vi, amesi nye Zerax vi tso Yuda-toa me la, tsɔ busunuawo ƒe ɖe. Tete Yehowa ɖo dɔmedzoe ɖe Israel-viwo ŋu.


Eye wotsɔ yi tsrɔ̃ ŋutsuwo kple nyɔnuwo, ɖeviwo kple ame tsitsiwo, nyiwo kple alẽwo kpakple tedziwo keŋkeŋ.


Ke mikpɔ nyuie le busunuawo ŋu, ne miagatsɔ wo dometɔa ɖeke aɖo busu mia ɖokui ahakplɔ busu aƒu Israel-saɖa la, eye woage ɖe dzɔgbevɔ̃e me o.


Esia nede megbe xaa tso gbɔwò be, nagawu ame dzɔdzɔe kple ame vɔ̃ɖi siaa zi ɖeka, eye ame dzɔdzɔe nanɔ abe ame vɔ̃ɖi ene o! Esia nede megbe xaa tso gbɔwò! Ɖe xexeame ƒe ʋɔnudrɔ̃la madrɔ̃ ʋɔnu dzɔdzɔe oa?


Eye wotsɔ wo tso agbadɔ la me va Yosua kple Israel-viwo katã ŋku me, eye wotrɔ wo kɔ de Yehowa ŋku me.


Ɖe Axan, Serax vi, megbe anukwareɖiɖi le busunuawo me, eye dɔmedzoe va Israel-ha blibo la dzi, eye menye eya ɖeka kolia koe ku ɖe eƒe vodada la ta oa?


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite