Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Yosua 7:2 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

2 Eye Yosua dɔ ŋutsuwo tso Yerixo ɖo ɖe Ai, si le Bet-Awen gbɔ, le Betel ƒe ɣedzeƒe gome hegblɔ na wo bena: Miyi ɖatsa ŋku le nuto la me! Tete ŋutsuawo yi ɖatsa ŋku le Ai,

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

2 Esi woxɔ Yeriko teti ko la, Yosua ɖo ame aɖewo ɖa be woatsa ŋku le Ai, si te ɖe Bet Aven le Betel ƒe ɣedzeƒe lɔƒo.

Gade chapit la Kopi




Yosua 7:2
18 Referans Kwoze  

Woƒe anyieheliƒo tso Yordan nu zɔ Yerixo-to la ƒe anyiehe heto toawo dzi le ɣetoɖoƒe gome, eye wòva ke ɖe Bet-Awen-gbedzi;


Israel, ne éwɔ gbolo la, Yuda megaɖi fɔ o dzro! Eyata migava Gilgal o, migayi Bet-Awen o, eye migaka atam gblɔ bena: „Miele Yehowa ƒe agbe“ o!


Ale Yehowa ɖe Israel gbemagbe, eye aʋa la gbɔ Bet-Awen ŋu.


Eye Filistitɔwo kpe ta be, yewoawu aʋa kple Israel; tasiaɖamwo le akpe blaetɔ̃, sɔɖolawo le ame akpe ade, eye afɔzɔlawo sɔ gbɔ abe ƒutake ene. Eye woho va ƒu asaɖa anyi ɖe Mixmas gbɔ le Bet-Awen ƒe ɣedzeƒe gome.


Kpɔ ɖa, nye la mele mia dɔm abe alẽwo ene ɖe amegãxiwo dome; eyaŋuti midze adaŋu abe dawo ene, eye midza abe ahɔ̃nɛwo ene.


Elabena tamebubu natsɔ awɔ aʋae, eye adaŋudela geɖewo hea dziɖuɖu vanɛ.


Tameɖoɖowo vaa eme, ne adaŋudede kpe ɖe eŋu; eyata tsa tamebubuwɔ aʋae.


Eye wòʋu tso afima yi ɖe to dzi le Betel ƒe ɣedzeƒe, eye wòtu eƒe agbadɔ ɖi; eɖe Betel ɖe ɣetoɖoƒe kple Ai ɖe ɣedzeƒe, eye wòɖi vɔsamlekpui na Yehowa heyɔ Yehowa ŋkɔ le afima.


Eyaŋuti la mikpɔ nyuie be, miazɔ pɛpɛpɛ; menye abe numanyamanyatɔwo ene o, ke boŋ abe nunyalawo ene,


Benyamin-viwo dze yome tso Geba le Mixmas, Aya, Betel kple eƒe kɔƒewo


Yerixo-fia ɖeka, Ai, si le Betel gbɔ la me fia ɖeka,


Eye Yosua, Nun vi, ɖɔ ŋutsu eve le adza me tso Sitim, be woaɖatsa ŋku, gblɔ bena: Miyi ɖakpɔ anyigba la kple Yerixo ɖa! Tete woyi, eye wova dze gboloa ɖe, si ŋkɔ nye Raxab la ƒe me, eye wotsi afima dɔ.


Eye wòna ŋkɔ teƒe ma bena: Betel; ke tsã la woyɔnɛ be Lus.


eye wòtrɔ va Yosua gbɔ gblɔ nɛ bena: Aʋakɔ blibo la megayi afima o, ke boŋ ame akpe eve alo akpe etɔ̃ ko neyi ɖasi Ai; mele vevie be, aʋakɔ blibo la nayi o, elabena womesɔ gbɔ o.


Eɖoe ɖe amesiwo le Betel, amesiwo le Ramot le dziehe kple amesiwo le Yatir;


Xesbon, fa avi, elabena wogblẽ Ai! Mi Raba-nyɔnuviwo mido ɣli, eye mita akpanya ɖe ali, mixa nu, eye mina tsa glãla tsam le lãkpɔwo me, elabena Malkam ayi aboyo me hekpe ɖe eƒe trɔ̃nuawo kple amegãwo ŋu.


Etsɔ ɖeka ɖo Betel, eye wòtsɔ evelia ɖo Dan.


Eva dze Ayat dzi, eto Migron, eye wòva gblẽ eƒe nuwo ɖe Mixmas.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite