Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Yosua 7:15 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

15 Eye woatɔ dzo amesi gbɔ wokpɔ busunua le, kpakple nusiwo katã le esi, elabena etu Yehowa ƒe nubabla, eye wòwɔ ŋukpenanu le Israel.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

15 Ekema woatɔ dzo ame si da le sea dzi la ƒe nuwo kple nu sia nu si nye etɔ la, elabena eda le Yehowa ƒe nubabla la dzi, eye wòhe dzɔgbevɔ̃e va Israel dukɔ la dzi.’ ”

Gade chapit la Kopi




Yosua 7:15
11 Referans Kwoze  

Esi Yakob viŋutsuwo gbɔ tso lãnyiƒe, eye wosee la, ŋutsuawo bi dzi, eye wodo dɔmedzoe ŋutɔ; elabena ewɔ ŋukpenanu ɖe Israel ŋuti, be wòde asi Yakob ƒe vinyɔnu ŋuti, nusi medze kura o.


Tete melé nye ahiã la, eye meflu heɖo ɖe Israel-nyigba ƒe nutowo katã me, elabena wowɔ ŋukpenanu kple nu vlo le Israel.


Ke nye ɖe, afika mayi kple nye ŋukpe la? Eye wòabu wò ɖe ŋukpenanuwɔlawo dome le Israel. Ƒo nu kple fia la, elabena matem wò o!


Tete Saul gblɔ bena: Mewɔ nuvɔ̃, gbugbɔ, vinye Dawid, nyemagawɔ vɔ̃a ɖeke wò azɔ o, elabena nye agbe xɔ asi le ŋkuwò me egbe, kpɔ ɖa, mewo lãnu, eye meda ƒu ŋutɔ.


Nuvɔ̃e Israel wɔ, eye wotu nye nu, si mebia kpli wo la, wotsɔ busunuawo ƒe ɖe, eye wofi fi, wowɔ alakpanu, eye wotsɔe ɣla ɖe woƒe nuwo dome.


Eye Yosua tso ŋdi kanya, eye wòna Israel-toawo te va, tete wòlé Yuda-to la.


Ke Gibeatɔwo ƒo kpli ɖe ŋunye, eye woɖe to ɖem le aƒe la me le zã, wobe, yewoawum, eye wode asi nye ahiã ŋu woku.


Eye miaɖe ŋutsu ewo te ame alafa me, ŋutsu alafa le ame akpe me, eye ŋutsu akpe le ame akpe ewo me tso Israel-toawo katã me, ne wòayi aɖatsɔ mɔ dzi nuɖuɖu vɛ na dukɔ la, eye ne wogbɔ la, míawɔ Gibea-Benyamin ɖe nu vlo, si wòwɔ le Israel la nu pɛpɛpɛ.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite