Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Yosua 7:11 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

11 Nuvɔ̃e Israel wɔ, eye wotu nye nu, si mebia kpli wo la, wotsɔ busunuawo ƒe ɖe, eye wofi fi, wowɔ alakpanu, eye wotsɔe ɣla ɖe woƒe nuwo dome.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

11 Israelviwo wɔ nu vɔ̃, wogbe nubabla si mewɔ kpli wo la dzi wɔwɔ. Wotsɔ nu siwo meɖe gbe be woatsrɔ̃ la dometɔ aɖewo, wofi wo, da alakpa, eye wotsɔ wo ɣla ɖe woƒe nuwo dome.

Gade chapit la Kopi




Yosua 7:11
24 Referans Kwoze  

eye nuwɔwɔa ɖeke mele ɣaɣla le eƒe ŋku me o; ke boŋ woklo nu le nuwo katã dzi, eye wotsi ƒeƒle le amesi gbɔ miaƒe nya le la ŋku me!


Eye! Petro gblɔ nɛ bena: Aleke wɔ, miaƒe nu sɔ ale be, miete Aƒetɔ: la ƒe Gbɔgbɔ la kpɔ mahã? Kpɔ ɖa, amesiwo ɖi srɔ̃wò la ƒe afɔwo le ʋɔtrua nu, be woatsɔ wò hã ado goe.


Wodo ŋu nɛ bena: Kaisaro tɔe. Tete wògblɔ na wo bena: Ekema mitsɔ nusi enye kaisaro tɔ la, na kaisaro, eye nusi enye Mawu tɔ la, na Mawu.


Ale Yehowa Zebaot gblɔ esi: Nyee ɖoe ɖa, be wòayi fiafitɔ kple atam dzodzro kala ƒe me le nye ŋkɔ me, eye wòatsi eƒe xɔ me afiã eƒe xɔtlwo kple kpewo.


Ɖe amesiawo katã mado hamelo ɖe eŋu, woasi ahama, eye woado lo ɖe eŋu agblɔ hena: „Baba na amesi ƒo nu geɖe ƒu, hafi menye etɔ o, eye wòtsɔ awɔbanu do agba na eɖokui la“ oa? Ɣekaɣi wòanɔ anyi ase ɖo?


Ke woawo tu nyee nubabla la abe Adam ene, eye wotrɔ ʋu le yonyeme le afima.


Manɔ abe nusi mebia kple wo fofowo le gbesigbe melé woƒe alɔnu, be makplɔ wo tso Egipte-nyigba dzi, nubabla, si wotu, eye nye hã megbe wo la ene o, Yehowa ye gblɔe;


Wogblẽ kɔ ɖo na anyigba to edzi nɔlawo dzi, elabena woda seawo dzi, wòto vo ɖe ɖoɖoawo ŋu, eye wotu nubabla mavɔ la.


Elabena womeɖo to Yehowa, woƒe Mawu ƒe gbe o, eye woda eƒe nubabla kple se, siwo katã Yehowa de na eƒe dɔla Mose la dzi, womeɖo to o, eye womewɔ edzi o.


Tete Yehowa do dɔmedzoe ɖe Israel ŋu gblɔ bena: Esi dukɔ sia tu nye nu, si mebia kple wo fofowo, eye meɖo to nye gbe o la,


Ne mietu Yehowa, mia Mawu la ƒe nu, si wòbia kpli mi, eye mieyi ɖasubɔ mawu bubuwo hede ta agu na wo la, ekema Yehowa ado dɔmedzoe ɖe mia ŋu, eye miatsrɔ̃ avɔ xoxoxo le anyigba nyui, si wòna mi la dzi.


Ke Israel-viwo meɖi anukware le busunuawo me o, elabena Axan, Karmi vi, amesi nye Sabdi vi, amesi nye Zerax vi tso Yuda-toa me la, tsɔ busunuawo ƒe ɖe. Tete Yehowa ɖo dɔmedzoe ɖe Israel-viwo ŋu.


Ne ŋutsu alo nyɔnua ɖe le wò du, siwo Yehowa, wò Mawu, le na wò ge la, dometɔa ɖe me, amesiwo nusi medze Yehowa, wò Mawu ŋu o, eye wòtu eƒe nubabla,


Ne amea ɖe meɖi anukware o, eye wòɖe ŋu ɖi ɖa vo le Yehowa ƒe nu kɔkɔeawo me la, ekema wòatsɔ agbo, si sɔ blibo, eye nèbu be, anɔ klosalo sekel kɔkɔe eve la, asa fɔɖiŋuvɔ na Yehowa.


Tete Yehowa gblɔ na Yosua bena: Tsi tre! Nukaŋuti gɔ̃ nètsyɔ mo anyi?


Tete Saul gblɔ bena: Mi dukɔ la ƒe tatɔwo katã, mite va afi, ne miadze sii egbe, eye míakpɔ amesi wɔ nuvɔ̃ sia!


Esi wova ɖo togbɛa gbɔ la, exɔ wo le wo si hetsɔ dzra ɖo ɖe eƒe me, eye wòɖo mɔ ŋutsuawo wodzo.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite