Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Yosua 6:5 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

5 Ne wonyã ku lãdzoawo tsiã ɖe nu miese ko la, dukɔ blibo la natso aseye hoo, ekema du la ƒe gliwo aŋe adze eme, eye dukɔ la nakpɔ ŋgɔ tẽ age ɖe me.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

5 Ne nunɔlaawo ku kpẽawo zi ɖeka sesĩe ɣeyiɣi didi aɖe la, ameawo katã nado ɣli sesĩe. Dua ƒe gliwo amu adze anyi ekema miato teƒe sia teƒe age ɖe dua me.”

Gade chapit la Kopi




Yosua 6:5
17 Referans Kwoze  

Le xɔse me Yerixo ŋu gliwo mu dze anyi, esime woƒo xlãe ŋkeke adre megbe.


Eye kpẽawo nu le sesẽm ɖe dzi. Mose ƒo nu, eye Mawu ɖo ŋu nɛ kple gbe sesẽ.


Eye Israel-ŋutsuwo kple Yuda-ŋutsuwo ho, eye wotso aseye heti Filistitɔwo yome vaseɖe bali la me kple Ekron ƒe agbo nu, eye Filistitɔwo tsi aʋa ɖe Saarayim-mɔ dzi vaseɖe Gat kple Ekron.


Eye Dawid fɔ ŋdi kanya hetsɔ alẽawo de asi na alẽkplɔla, eye wòdo agba heyi, abe alesi Isai de se ne ene; eye wòva tasiaɖamwo ƒe takpeƒe, esime aʋakɔ la dze aʋa ɖe asi aseyetsotso me.


Eye esi Yehowa ƒe nubablaɖaka la va asaɖa me la, Israel blibo la tso aseye hoo, ale be anyigba ʋuʋu.


Tete dukɔ la tso aseye, eye woku akɔfɛawo. Esi dukɔ la se akɔfɛawo ƒe ɖiɖi la, wotso aseye hoo, tete ɖu la ƒe gliwo mu ɖo baba, eye dukɔ la ge ɖe dua me, amesiame kpɔ ŋgɔ tẽ, eye woxɔ du la.


Zi adrelia la nunɔlawo ku akɔfɛawo, eye Yosua gblɔ na dukɔ la bena: Mitso aseye, elabena Yehowa tsɔ du la de asi na mi!


Mitso ayiboopɛɛ ɖe eŋu godoo; ena ta, eƒe sɔtiwo ŋe dze eme, eye eƒe gliwo mũ, elabena Yehowa ƒe hlɔ̃biabia nye esia; mibia hlɔ̃e, eye miwɔ nɛ, abe alesi wòwɔ ene!


Eye wòava me le amewugbe gã, si xɔ tsralawo amũ la be, toʋuwo anɔ tsi tsam le to kɔkɔwo katã kple togbɛ kɔkɔwo katã ta me.


Eye woagbã wò gli kɔkɔ sesẽwo aƒu anyi, abɔbɔ wò ɖe anyi, eye wòate wò ɖe ke me.


Eye nunɔla adre natsɔ akɔfɛ adre adze aɖaka la ŋgɔ. Ke le ŋkeke adreagbe la woazɔ aƒo xlã du la akpe ɖo zi adre, eye nunɔlawo naku akɔfɛawo.


Tete Yosua, Nun vi, yɔ nunɔlawo gblɔ na wo bena: Mitsɔ nubablaɖaka la, eye nunɔla adre natsɔ akɔfɛ adre adze Yehowa ƒe aɖaka la ŋgɔ.


Tete xadelawo wo kaba ho ɖo ta Gibea, eye woge ɖe me hetsrɔ̃ du blibo la kple yi.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite