Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Yosua 6:25 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

25 Eye Yosua na Raxab, gbolo la fofoa ƒe me tɔwo kple eƒometɔwo katã tsi agbe, eye wotsi Israel dome vaseɖe egbe, elabena eyae ɣla amesiwo Yosua dɔ, be woaɖatsa ŋku le Yerixo.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

25 Ale Yosua na Rahab, gbolo la kple eƒe ƒometɔ siwo nɔ egbɔ le eƒe aƒe me la tsi agbe, eye wotsi Israelviwo dome va se ɖe egbe, elabena Rahab ɣla ŋkutsala eve siwo Yosua ɖo ɖe Yeriko.

Gade chapit la Kopi




Yosua 6:25
11 Referans Kwoze  

Le xɔse me Raxab, gbolo la, metsrɔ̃ kpe ɖe tosẽlawo ŋuti o, le esi wòxɔ ŋkutsalawo le ŋutifafa me la ta.


Nenema ke Raxab, gbolo la hã, ɖe menye dɔwɔwɔwo wotsɔ tso afia nɛ, le esi wòxɔ ame dɔdɔwo, eye wòna woto mɔ bubu dzo la ŋuti o mahã?


Salmon kpakple Raxab wodzi Boaz, Boaz kpakple Rut wodzi Obed, eye Obed dzi Isai;


Evɔ wònye èkplɔ wo ɖaɣla ɖe xɔta ɖe ɖetifu, siwo wosia ɖe xɔta me hafi


Eye wòava me bena, amesiame, si ke ayɔ Aƒetɔ la ƒe ŋkɔa la, woaɖee.“


Ke Yosua tu kpe wuieve ɖe Yordan titina hã, ɖe afisi nunɔla, siwo tsɔ nubablaɖaka, ƒe afɔwo tsi tre ɖo, eye wotsi afima vaseɖe egbe.


Eye Yosua, Nun vi, ɖɔ ŋutsu eve le adza me tso Sitim, be woaɖatsa ŋku, gblɔ bena: Miyi ɖakpɔ anyigba la kple Yerixo ɖa! Tete woyi, eye wova dze gboloa ɖe, si ŋkɔ nye Raxab la ƒe me, eye wotsi afima dɔ.


Ke nyɔnu la tsɔ ŋutsu eveawo ɣla, eye wògblɔ bena: Ele me be, ŋutsuawo nya va gbɔnye, gake nyemenya afisi wotso o.


Kpɔ ɖa, ne mieva anyigba dzi la, ekema tsɔ ka dzẽ dada tsi ɖe fesre, si nu nèɖiɖi mi toe la ŋu, eye nakplɔ fofowò kple dawò, nɔviwòŋutsuwo kple ƒowòmetɔwo katã ava aƒewò me.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite