Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Yosua 6:24 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

24 Eye wòtɔ dzo du la kple nusiwo katã le eme, negbe klosalo kple sika, akɔblinuwo kple gayibɔnuwo ko wotsɔ va nudzraɖoƒe le Yehowa ƒe me.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

24 Wotɔ dzo du la kple nu siwo katã le eme la negbe klosalo kple sika kple nu siwo wowɔ kple akɔbli kple gayibɔ ko wolɔ yi ɖada ɖe Yehowa ƒe nudzraɖoƒe.

Gade chapit la Kopi




Yosua 6:24
13 Referans Kwoze  

Eye Yosua tɔ dzo Ai, eye wòwɔe aƒedo gbidigbidi vaseɖe egbe.


Eye dzo ewo, siwo nèkpɔ kple lã la, woawo alé fu gbolo la, eye woawɔe aƒedo, eye woaɖe amamae, eye woaɖu eƒe ŋutilã, eye woatɔ dzoe wòafiã keŋkeŋ.


eye wòtɔ dzo Yehowa ƒe aƒe kple fia ƒe aƒe kple Yerusalem-xɔwo katã kpakple bubumewo ƒe xɔwo katã.


Eyata le ŋkeke ɖeka dzi la eƒe fukpekpewo ava edzi: Ku kple konyifafa kpakple dɔwuame, eye woatɔ dzoe wòafiã keŋkeŋ, elabena Aƒetɔ Mawu, amesi drɔ̃ ʋɔnui la, enye ŋusẽtɔ.


ekema nadza du ma me tɔwo kple yi, eye natsrɔ̃e kple nusiwo le eme la gbidigbidi, eye nadza woƒe lãwo kple yi.


Ke klosalo kple sika, akɔblinuwo kple gayibɔnuwo katã ŋu kɔ na Yehowa, eye woatsɔ wo ava Yehowa ƒe nudzraɖoƒe la.


Ke mèkpɔ mɔ ana amea ɖeke natsi agbe le dukɔ siawo ƒe du, siwo Yehowa, wò Mawu, ana wò wòanye wò domenyinu lãme o;


Eye Yosua na Raxab, gbolo la fofoa ƒe me tɔwo kple eƒometɔwo katã tsi agbe, eye wotsi Israel dome vaseɖe egbe, elabena eyae ɣla amesiwo Yosua dɔ, be woaɖatsa ŋku le Yerixo.


eye wòto dzo du, siwo katã me wònɔ, kple woƒe agbadɔwo katã.


Eye mialɔ aboyonuawo katã ava kɔ ɖe ablɔ me, eye miatɔ dzo du la kple aboyonuawo katã abe vɔsa blibo ene na Yehowa, mia Mawu la, ale be wòatrɔ zu aƒedo ɖikaɖika, eye womagagbugbɔe atso akpɔ o.


Eye wowu amesiwo katã le eme la kple yi hetsrɔ̃ wo gbidigbidi; nu gbagbea ɖeke mekpɔtɔ o, eye wòtɔ dzo Xazor.


Esi wova gblɔe na Dawid la, edo ame woyi ɖakpe wo, elabena wodo ŋukpe ŋutsuawo ŋuta; eye fia la na wogblɔ na wo bena: Musi Yerixo, vaseɖe esime miaƒe gè nato, hafi miagbɔ!


Eye fia Dawid kɔ woawo hã ŋu na Yehowa hekpe ɖe klosalo kple sika, siwo wòxɔ le dukɔwo katã si la ŋuti; exɔ wo le Edomtɔwo, Moabitɔwo, Amon-viwo, Filistitɔwo kple Amalekitɔwo si.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite