Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Yosua 6:23 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

23 Tete ɖekakpui, siwo nye ŋkutsalawo la, yi ɖakplɔ Raxab kple fofoa kpakple ɖada, nɔviaŋutsuwo kple eƒe ƒometɔwo katã kpakple nusianu, si le esi la, va Israel ƒe asaɖa godo.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

23 Ŋkutsalawo yi ɖatu Rahab, eye woxɔe ɖe agbe kpe ɖe fofoa, dadaa, nɔviawo kple ame siwo katã nɔ egbɔ la ŋu. Wona ame siawo nɔ Israelviwo ƒe asaɖa la godo.

Gade chapit la Kopi




Yosua 6:23
15 Referans Kwoze  

Le xɔse me Noa, esime wòxa ɖeɖefia tso Mawu gbɔ le nusiwo womekpɔ haɖe o ŋuti la, etsɔ mawuvɔvɔ̃ wɔ aɖakaʋu hena eƒemetɔwo ɖeɖe, nusi me wòto bu fɔ xexemetɔwo, eye wòzu dzɔdzɔenyenye, si tso xɔse me la, ƒe domenyila.


bena mienɔ anyi le ɣemaɣi me Kristo menɔ mia si o, eye míenye ame tutɔwo na Israel ƒe dumetɔnyenye la kple amedzrowo na ŋugbedodo la ƒe nubablawo, eye mɔkpɔkpɔa ɖeke menɔ mia si o, eye Mawu hã menɔ mia si le xexeame o.


Elabena nya kae le mia kple amesiwo le egodo la dome bena, madrɔ̃ ʋɔnu wo mahã? Alo miawo la, ɖe miedra ʋɔnu amesiwo le eme la gã oa?


Paulo, megavɔ̃ o, ele na wò be, natsi tre ɖe kaisaro ƒe ŋku me, eye kpɔ ɖa, Mawu tsɔ amesiwo katã ɖo ʋua kpli wò la ke wò.


Eye wògblɔ na wo bena: Mia ŋutɔwo mienya, alesi mele sea nu bena, Yuda-ŋutsua ɖe nabɔ ha kple dukɔ bubu me tɔa ɖe alo ava egbɔ o, eye nye la Mawu fiam bena, nyemagayɔ amea ɖeke be ame dzodzro alo ame makɔmakɔ o;


Ke miawo mitsi asaɖa godo ŋkeke adre sɔŋ, eye amesiwo wu ame kple amesiwo ka asi ame tsiaʋawo ŋu la, naɖe nuvɔ̃ ɖa le wo ɖokui kple amesiwo wòlé la ŋu, le ŋkeke etɔ̃lia kple ŋkeke adrelia dzi.


Ɖewohi ame dzɔdzɔe blaatɔ̃ anɔ dua me; ɖe àtsrɔ̃e, eye màtsɔe ake teƒe la le ame dzɔdzɔe blaatɔ̃, siwo le eme la ta o mahã?


Mawɔ wò dukɔ gã, eye mayra wò, mana wò ŋkɔ nanyɔ, eye nazu yayra.


Kpɔ ɖa, ne mieva anyigba dzi la, ekema tsɔ ka dzẽ dada tsi ɖe fesre, si nu nèɖiɖi mi toe la ŋu, eye nakplɔ fofowò kple dawò, nɔviwòŋutsuwo kple ƒowòmetɔwo katã ava aƒewò me.


be miana fofonye kple danye, nɔvinyeŋutsuwo kple nɔvinyenyɔnuwo kpakple woƒe ƒometɔwo katã natsi agbe, eye miaxɔ mí ɖe agbe.


Esi Mawu tsrɔ̃ nuto ma me duawo la, eɖo ŋku Abraham dzi, eye wòɖe Lot hekplɔe tso ɖu, siwo me Lot nɔ la ƒe gbegblẽ me.


Le xɔse me Raxab, gbolo la, metsrɔ̃ kpe ɖe tosẽlawo ŋuti o, le esi wòxɔ ŋkutsalawo le ŋutifafa me la ta.


Eye wògblɔ na wo bena: Miɖo ta toawo dzi, ne mia yometilawo magaɖo go mi o, eye miɣla mia ɖokui ɖe afima ŋkeke etɔ̃, vaseɖe esime mia yometilawo atrɔ, emegbe hafi mialé miaƒe mɔ.


Tete wòfiã dua me mɔnu wo, eye wowu duametɔwo kple yi; ke woɖe asi le ŋutsu la kple eƒe ƒometɔwo katã ŋu.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite