Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Yosua 6:19 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

19 Ke klosalo kple sika, akɔblinuwo kple gayibɔnuwo katã ŋu kɔ na Yehowa, eye woatsɔ wo ava Yehowa ƒe nudzraɖoƒe la.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

19 Ke woƒe klosalo kple sika katã kple nu siwo wowɔ kple akɔbli kple gayibɔ la, woakɔ wo ŋu na Yehowa, eya ta mitsɔ wo va de Yehowa ƒe nudzraɖoƒe la me.”

Gade chapit la Kopi




Yosua 6:19
25 Referans Kwoze  

Ke nunɔlagãwo fɔ klosalo la gblɔ bena: Womeɖe mɔ bena, woatsɔe ade nudzɔdzɔ me o; elabena ʋuƒlegae.


Eye wotsɔ wo nɔvi Lewi-viwo ɖo Mawu ƒe aƒe la ƒe kesinɔnuwo kple nu kɔkɔeawo nu.


Eye esi wòbɔbɔ nɔ anyi hedze ŋgɔ nudzɔɖaka la, ekpa alesi amewo le ga dam ɖe nudzɔɖaka la me; eye kesinɔtɔ geɖewo tsɔ geɖe da ɖe eme.


Míatsɔ míaƒe amɔwɔ kple míaƒe nudzɔdzɔ, kutsetse vovovowo, wein kple ami ƒe gbãlɔwo avae na nunɔlawo le xɔwo me le mia Mawu le aƒe la me, eye míatsɔ míaƒe agblemenuwo ƒe ewolia na Lewi-viwo, ne Lewi-viwo nava dza nuwo ƒe ewolia le míaƒe agblededuwo katã me.


Eye fia Dawid kɔ woawo hã ŋu na Yehowa hekpe ɖe klosalo kple sika, siwo wòxɔ le dukɔwo katã si la ŋuti; exɔ wo le Edomtɔwo, Moabitɔwo, Amon-viwo, Filistitɔwo kple Amalekitɔwo si.


Eye wòlɔ Yehowa ƒe me kesinɔnuwo katã kple fia ƒe me kesinɔnuwo katã tso afima, eye wògbã sikanu, siwo katã Israel-fia Salomo wɔ ɖe Yehowa ƒe xɔ la me, abe alesi Yehowa gblɔ ene.


Esi dɔ blibo, si fia Salomo wɔ le Yehowa ƒe aƒe la, wu enu la, Salomo tsɔ nusiwo ŋu fofoa Dawid ko, siwo nye klosalo kple sika kpakple miawo, da ɖe Yehowa ƒe xɔ la ƒe nudzraɖoƒe.


Eye fia Dawid ka woawo hã ŋu na Yehowa hekpe ɖe klosalo kple sika, siwo wòxɔ le dukɔ, siwo katã dzi woɖu la si, eye wòkɔ wo ŋu la ŋuti.


Zion-nyɔnuvi, tso nafanya nu! Elabena mana wò dzo nanye gayibɔ, eye wò afɔkli nanye akɔbli, ne nagbã dukɔ geɖewo gudugudu, eye nakɔ aboyonuwo ŋu na Yehowa kple woƒe kesinɔnuwo ŋu na anyigba blibo la dzi Aƒetɔ.


Eye wotsɔ nudzɔdzɔawo, nuwo ƒe ewolia kple nunana kɔkɔeawo de wo me dedie; eye wotsɔ Lewi-vi Xananya dowo nu hekpe ɖe nɔvia Simei, si kplɔe ɖo ŋuti.


Eye wotsɔ fofoa ƒe nu kɔkɔewo kple eya ŋutɔ ƒe nu kɔkɔewo, siwo nye klosalo kple sika kpakple ŋudɔwɔnuawo, yi Mawu ƒe aƒe la me.


Etsɔ nusiwo katã wobu ɖe ta me la ƒe nɔnɔme de asi nɛ, siwo nye Yehowa ƒe aƒe la ƒe kpɔwo kple eŋu xɔwo katã godoo, Mawu ƒe aƒe la ƒe nudzraɖoƒewo kple nu kɔkɔeawo dzraɖoƒewo;


hekpe ɖe nusiwo katã ŋu nukpɔla Samuel, Saul, Kis vi, Abner, Ner vi, kpakple Yoab, Zeruya vi, woka la ŋuti. Ne amesiame kɔ nane ŋu la, wotsɔnɛ dea asi na Selomot kple nɔviawo.


Selomot sia kple nɔviawo wotsɔ ɖo kesinɔnu kɔkɔeawo katã, siwo ŋu ba Dawid kple aƒekɔwo ƒe tatɔwo, ame akpe kple ame alafawo ƒe amegãwo kpakple aʋafiawo kɔ la nu;


eye wòlɔ Yehowa ƒe aƒe ƒe kesinɔnuwo kple fia ƒe aƒe ƒe kesinɔnuwo dzoe, wo katãe wòlɔ dzoe hekpe ɖe sikakpoxɔnu, siwo katã Salomo wɔ la ŋu.


Eye Ebed-Melex ɖe ŋutsuawo kpe ɖe eɖokui ŋu; ege ɖe fia ƒe aƒe la me, eye wòyi ɖe xɔ, si le nudzraɖoƒea te lãme hetsɔ ɖovuwo kple avɔ nyunyɔwo le afima, eye wòtsɔ atagbi ɖiɖi wo ɖe Yeremya le do la me.


Mitsɔ sika kple klosalo, akɔbli kple gayibɔ, ga ɣi kple tsumi


Le ƒe enelia me la woƒe tsetsewo katã ŋu ko, bena woatso akafu Yehowa.


Woɖe aboyo amewo, eye woha lãwo.


Eye wohe amesiwo wòlé kple nusiwo woha kpakple nusiwo woɖe aboyo la, va Mose kple nunɔla Eleazar kpakple Israel-viwo ƒe ha blibo la gbɔ, le Moab-tagba le Yordan nu le Yerixo kasa.


Nuvɔ̃e Israel wɔ, eye wotu nye nu, si mebia kpli wo la, wotsɔ busunuawo ƒe ɖe, eye wofi fi, wowɔ alakpanu, eye wotsɔe ɣla ɖe woƒe nuwo dome.


aboyonu, siwo wokpɔ tso aʋa me la dome, woɖe wo tsoe heka wo ŋu, ne woatsɔ akpe ɖe Yehowa ƒe aƒe ta tutu ŋui;


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite