Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Yosua 6:18 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

18 Ke mikpɔ nyuie le busunuawo ŋu, ne miagatsɔ wo dometɔa ɖeke aɖo busu mia ɖokui ahakplɔ busu aƒu Israel-saɖa la, eye woage ɖe dzɔgbevɔ̃e me o.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

18 Migaha naneke o, elabena ele be miatsrɔ̃ nu sia nu gbidigbidi. Ne miewɔ alea o la, dzɔgbevɔ̃e ava Israel dukɔ blibo la dzi.

Gade chapit la Kopi




Yosua 6:18
20 Referans Kwoze  

Viwo, mikpɔ mia ɖokui dzi nyuie le trɔ̃wo ŋuti!


eye migade ha kple viviti me dɔwɔwɔ, siwo metsea ku o la o, ke mihe nya ɖe wo ŋu boŋ.


Ke Israel-viwo meɖi anukware le busunuawo me o, elabena Axan, Karmi vi, amesi nye Sabdi vi, amesi nye Zerax vi tso Yuda-toa me la, tsɔ busunuawo ƒe ɖe. Tete Yehowa ɖo dɔmedzoe ɖe Israel-viwo ŋu.


Eye Yosua gblɔ bena: Esi nèhe dzɔgbevɔ̃e va mía dzi la, eyata Yehowa ahe dzɔgbevɔ̃e ava dziwò egbea! Tete Israel blibo la ƒu kpe wo, eye wòtɔ dzo wo. Esi woƒu kpe wo vɔ la,


Eyaŋuti mido go le wo dome, eye miɖe mia ɖokui ɖa, Aƒetɔ la gblɔe, eye migaka asi nu makɔmakɔ ŋuti o, eye nye la maxɔ mi,


Mawusubɔsubɔ, si ŋuti kɔ, eye ɖiƒoƒoa ɖeke mele eŋu le Mawu Fofo la ŋku me o la, enye si bene, woakpɔ tsyɔ̃eviwo kple ahosiwo ta le woƒe xaxa me, eye woadzra ame ɖokui ɖo ɖi maƒomaƒoe tso xexeame.


Lɔlɔ̃ la neganye alakpanu o! Mitsri nuvɔ̃, milé ɖe nu nyui la ŋuti!


Eɖo ŋu na wo be: Mikɔm ƒu gbe ɖe ƒua me, ekema ƒua adze anyi le mia ŋu godoo; elabena menyae be, tanyee ahom gã sia va mia dzi ɖo.


Nunya nyo wu aʋawɔnuwo; ke nuvɔ̃wɔla ɖe ka gblẽa nu nyui geɖe dome.


Eye do to le Dawid ŋɔli ƒe etɔ̃ sɔŋ Ira ɖe enu; eye Dawid do gbe ɖa na Yehowa. Tete Yehowa gblɔ bena: Saul kple eƒe aƒe la ɖe hlɔ̃fe, elabena ewu Gibeontɔwo.


Megado ŋunyɔnua ɖeke va aƒewò me o, ne busu nava dziwò abe woawo ke ene o; ke boŋ woanyɔ ŋu na wò aganyɔ ŋu na wò ɖe dzi, elabena busunu wonye.


Eye woatɔ dzo amesi gbɔ wokpɔ busunua le, kpakple nusiwo katã le esi, elabena etu Yehowa ƒe nubabla, eye wòwɔ ŋukpenanu le Israel.


Eye mialɔ aboyonuawo katã ava kɔ ɖe ablɔ me, eye miatɔ dzo du la kple aboyonuawo katã abe vɔsa blibo ene na Yehowa, mia Mawu la, ale be wòatrɔ zu aƒedo ɖikaɖika, eye womagagbugbɔe atso akpɔ o.


Tsi tre, nakɔ dukɔ la ŋu, eye gblɔ na wo bena: Mikɔ mia dokui ŋu hena etsɔ! Elabena ale Yehowa, Israel ƒe Mawu la, gblɔ esi: Israel, busu le mia dome, eyata miate ŋu anɔ te de miaƒe futɔwo nu akpɔ o, vaseɖe esime miaɖe busu la ɖa le mia dome hafi.


Ŋe eho aʋa ɖe wò futɔwo ŋu, eye nèƒu asaɖa anyi la, ekema kpo nyuie le vɔ̃wo katã ŋu.


Eye Saul kple dukɔ la kpɔ Agag kple alẽ nyuiwo, nyi damiwo kple alẽviwo kpakple nu nyuiwo katã ta, eye wometsrɔ̃ wo gbidigbidi o; ke wotsrɔ̃ nu ɖigbɔwo kple nu, siwo ŋu viɖea ɖeke mele o la gbidigbidi.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite