Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Yosua 5:4 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

4 Nusi ta Yosua tso aʋa na wo ɖo la, enye si: Esime dukɔ blibo la ʋu tso Egipte la, ŋutsu aʋawɔla, siwo katã tso Egipte la, ku le mɔ ta le gbedzi.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

4 Azɔ la, susu si ta wòwɔe ɖo lae nye esi: ame siwo katã do tso Egipte, ŋutsu siwo katã ate ŋu ayi aʋa la ku ɖe gbea dzi esi wodo go tso Egipte.

Gade chapit la Kopi




Yosua 5:4
8 Referans Kwoze  

Gake wo dome ame gedeawo ƒe nu menyo Mawu ŋu o, elabena woxlã wo de anyi le gbeadzi.


Esi aʋawɔlawo katã ku le dukɔa dome vɔ la,


Ɣeyiɣi, siwo katã miezɔ ma tso Kades-Barnea, vaseɖe esime míetso Sered-toʋua, le ƒe blaetɔ̃ vɔ enyi, vaseɖe esime aʋawɔlawo katã ku vo le asaɖa la me, abe alesi Yehowa ka atam na wo ene.


ŋutsu, siwo katã kpɔ ŋutikɔkɔe kple dzesi, siwo mewo le Egipte kple gbeadzi, gake wotem kpo zi ewo, eye womeɖo to nye gbe o la,


Tete Yosua tso kpe wo hɛwo hetso aʋa na Israel-viwo le Aralot-togbɛ la gbɔ.


Amesiwo katã ʋu la, tso aʋa, ke amesiwo katã wodzi le mɔ ta le gbedzi, esime woʋu tso Egipte la, metso aʋa o.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite