Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Yosua 5:13 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

13 Esi Yosua le Yerixo gbɔ, eye wòfɔ ko dzi la, ekpɔ ŋutsua ɖe ɖi yi ɖe asi, le tsitre ɖe eŋgɔ. Tete Yosua zɔ ɖe edzi biae bena: Mía dzi nèle loo, alo míaƒe futɔwo dzi nèlea?

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

13 Esime Yosua nɔ teƒe si te ɖe Yeriko ŋu, eye wòfɔ kɔ dzi ko la, ame aɖe si lé yi ɖe asi la do ɖe eŋkume kpoyi! Yosua te ɖe eŋu, eye wòbiae be, “Mía dzie nèle loo alo míaƒe futɔe nènye?”

Gade chapit la Kopi




Yosua 5:13
24 Referans Kwoze  

Eye tedzinɔ la kpɔ alesi Yehowa ƒe ɖɔla tsi tre ɖe mɔ dzi di yi ɖe asii, eyata wòdze le mɔ dzi ɖe gbe me. Ke Bileam ƒo tedzi la, be wòagatrɔe va mɔ dzi.


Esi wòfɔ mo te la, kasia ekpɔ ŋutsu etɔ̃ le tsitre le eŋgɔ ɖa; eye esi wòkpɔ wo ko la, eƒu du tso eƒe agbadɔ nu yi ɖakpe wo, eye wobɔbɔ tsyɔ mo anyi.


Eye Yehowa ʋu Bileam ƒe ŋkuwo wòkpɔ, alesi Yehowa ƒe dɔla tsi tre ɖe mɔ dzi ɖi yi ɖe asi. Tete wòde ta agu hetsyɔ mo anyi.


Gake Dawid mete ŋu yi egbe, be yeabia gbe Mawu ase o, elabena Yehowa dɔla ƒe yi la tso dzika ƒo nɛ.


Eye esi mefɔ kɔ dzi ɖo ŋku anyi la, kpɔ ɖa, ŋutsua ɖe le awu ɣi me, eye sika nyuliɔ ƒe alidziblanu le ali nɛ.


Ne nye ɖɔla dze ŋgɔwò, eye wòkplɔ wò va Amoritɔwo, Xititɔwo, Perizitɔwo, Kanaanitɔwo, Xiwitɔwo kple Yebusitɔwo gbɔ, eye metsrɔ̃ wo la,


Eye esime wole dziƒo kpɔm gã le eƒe yiyi me la, kpɔ ɖa, ŋutsu eve le tsitre ɖe wo gbɔ le awu ɣi me,


Le za me la mekpɔ ŋutega, eye kpɔ ɖa, ŋu-tsua ɖe do sɔ dzĩa ɖe, eye wòtɔ ɖe gbemiti, siwo le bali me la domee, eye sɔ, siwo le dzie, hẽ kple ɣle la, le emegbe.


Eye Yehowa de se na dɔla la be, wòatsɔ eƒe yi ade aku.


Enumake Manoax tsi tre dze nyɔnu la yome heva ŋutsua gbɔ, eye wògblɔ nɛ bena: Wòe nye amesi ƒo nu kple nyɔnu la tsãa? Eɖo ŋu bena: Nyee!


Eye mefɔ kɔ dzi kpɔ agboa ɖe le tɔsisi la to, si to dzo legbee eve, ke ɖeka didi wu nɔvia, eye legbeetɔ enye mamletɔ, si to.


Manoax gblɔ na srɔ̃a bena: Miele kuku ge, elabena miekpɔ Mawu!


Eye Yehowa gblɔ na Yosua bena: Kpɔ ɖa, metsɔ Yerixo kple eme fia kpakple kalẽtɔwo ɖe asi na wò.


Eye esi wòfɔ kɔ dzi kpɔ nyɔnuawo kple ɖeviawo la, ebia bena: Amekawo nye esiawo le ŋuwò mahã? Eɖo ŋu bena: Woawoe nye vi, siwo Mawu na wò dɔla!


Eye esi Yakob kpɔ bena: Esau kple eŋume alafa eneawo gbɔna la, emã ɖeviawo na Lea, Raxel kple kosi eveawo.


eye le sikakaɖiti adreawo titina la amea ɖe li, si ɖi amegbetɔvi, edo awu ʋlaya, eye wotsɔ sikalidziblanu bla akɔta.


Eye Yehowa ɖe eɖokui fiae le Mamre ƒe ati gãwo gbɔ, le esime wòbɔbɔ nɔ eƒe agbadɔ nu le ŋdɔ me.


Esi Yakob nyɔ tso alɔ me la, egblɔ be: Vavã, Yehowa le afisia, gake nyemenyae o!


Gbesiagbe amewo vaa Dawid gbɔ, ne woaxɔ nɛ, vaseɖe esime aʋakɔ la lolo abe Mawu ƒe aʋakɔ ene.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite