Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Yosua 5:1 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

1 Esi Amoritɔwo ƒe fiawo katã, amesiwo le Yordan godo le ɣedzeƒe gome, kple Kanaanitɔwo ƒe fiawo katã, amesiwo le ƒu ŋu, se bena, Yehowa na Yordan me tsi la mie le Israel-viwo ŋgɔ, eye wòto me ɖi go la, tete dzi ɖe le wo ƒo, eye kalẽ megale amea ɖeke me ɖe Israel-viwo ŋu o.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

1 Esi Amoritɔwo, ame siwo nɔ Yɔdan tɔsisi la ƒe ɣedzeƒe lɔƒo kple Kanaantɔwo, ame siwo nɔ Domeƒu la nu se be Yehowa na Yɔdan tɔsisi la mie, ale be Israelviwo te ŋu zɔ ƒuƒuiƒe le tɔʋu la me hetso tɔsisia la, dzi ɖe le wo ƒo, eye vɔvɔ̃ ɖo wo ŋutɔŋutɔ.

Gade chapit la Kopi




Yosua 5:1
32 Referans Kwoze  

Amalekitɔwo le dziehe gome, Xititɔwo, Yebusitɔwo kple Amoritɔwo le towo dzi, eye Kanaanitɔwo le ƒu ŋu kple Yordan ƒe go ɖeka


nuɖuɖu, si le eƒe kplɔ dzi, eƒe dɔlawo ƒe nɔƒewo, eŋu mewo ƒe subɔsubɔ kple woƒe awuwo kple eƒe ahakulawo kpakple numevɔ, si wosana le Yehowa ƒe me la, gbɔgblɔ bu ɖee.


Eye woanɔ tsitre le adzɔge ke le eƒe fukpekpe ƒe ŋɔdzi la ŋuti agblɔ bena: Baba na wò, baba na wò, Babilon, wò, si nye du gã kple du sesẽ! Elabena gaƒoƒo ɖeka dzi wò ʋɔnudɔdrɔ̃ la va.


Evɔ wònye metsrɔ̃ Amoritɔwo le wo ŋgɔ, amesiwo dzo atsu, abe alesi sederti kɔe ene, eye wosesẽ abe sesewu ene hafi; metsrɔ̃ woƒe tsetsea dzi me kple woƒe ke le to me.


fia la ƒe mo fu tititi, eye eƒe tamesusuwo ɖo ŋɔdzi nɛ, eƒe ali me ka tso, eye eƒe klowo le wo nɔewo ƒom kpakpakpa.


Amevi, trɔ ŋgɔ dze Yerusalem, dudu nya ƒo ɖe kɔkɔeƒe la ŋu, eye nagblɔ nya ɖi ɖe Israel-nyigba ŋu


Eye gblɔ bena: Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ na Yerusalem enye si: Wò dzɔƒe kple dziwòƒe enye Kanaan-nyigba; Amoritɔe nye fofowò, eye Xititɔe nye dawo.


Amoritɔwo ƒe fia Sixon, Basan-fia Og kple Kanaan-fiaduƒewo katã,


Eye esi wowu nusiawo nu vɔ la, amegãwo va gbɔnye gblɔ bena: Israel-dukɔ la, nunɔlawo kple Lewi-viwo meɖe wo ɖokui ɖa tso anyigba dzi dukɔ, siwo nye Kanaanitɔwo, Xititɔwo, Perizitɔwo, Yebusitɔwo, Amonitɔwo. Moabitɔwo, Egiptetɔwo kple Amoritɔwo ƒe ŋunyɔnuwo me o;


Eye fia la ya Gibeontɔwo ƒo nu kpli wo. Gibeontɔwo metso Israel-viwo dome o, ke boŋ wonye Amoritɔwo ƒe kpɔtɔe, siwo Israel-viwo ka atam na; eye Saul di be, yeawu wo, elabena eʋã ŋu ɖe Israel-viwo kple Yuda nu


Ke esi ŋu ke, eye wein la kɔ le mo na Nabal la, srɔ̃a to nya siawo nɛ; tete dzi fa ɖe dɔ me ne, eye eyama zu kpe ɖi.


Yehowa, Israel ƒe Mawu la, nyã Amoritɔwo ɖa le eƒe dukɔ Israel ŋgɔ tso, hafi wòa nèbe, yeaxɔe wòanye tɔ wòa?


Eyata Yehowa tso wo dzra na Kanaan-fia Yabin, amesi ɖu dzi le Xazor; eƒe aʋafia nye Sisera, amesi nɔ Xaroset-Goyim.


Woawo nye. Filistitɔwo ƒe amegã atɔ̃awo, Kanaanitɔwo katã, Zidontɔwo kple Xiwitɔwo, siwo nɔ Libanon-towo dzi tso Baal-Xermon vaseɖe Xamat.


Le Yosua ƒe ku megbe la Israel-viwo bia Yehowa bena: Mia dometɔ kae atre hoho ayi aɖawɔ aʋa kple Kanaanitɔwo?


Ke ne Yehowa subɔsubɔ medze mia ŋu o la, ekema mitia, amesi subɔ ge míala, egbea: eɖanye mawu, siwo mia fofowo subɔ le tɔsisi la godo, alo Amoritɔ, siwo ƒe anyigba dzi miele la, ƒe mawuwo o. Ke mía kple nye aƒe ya miasubɔ Yehowa!


ke boŋ mixɔ tonyigba la, eye miƒo aveawo ɖa le edzi, eye wòanye mia tɔ vaseɖe eƒe mlɔenu. Elabena mianyã Kanaanitɔ, siwo si gatasiaɖamwo le, eye ŋusẽ le wo ŋu la ɖa.


Ke Manase mete ŋu xɔ ɖu siawo o, ale Kanaanitɔwo do dzi nɔ anyigba sia dzi bɛ.


Madɔ téamekplɔɖoewo ɖe ŋgɔwò, bena wòanya Xiwitɔwo, Kanaanitɔwo kple Xititɔwo le ŋgɔwò.


Ke metsɔ anyigbaa ɖe, si mexɔ le Amoritɔwo si kple nye yi kple da la na wò, si natsɔ awu nɔviwòwo.


Eye Abram tsa le anyigba la dzi vaseɖe Sixem kple Moreli gã la gbɔ; ke ɣemaɣi la Kanaantɔwo le anyigba la dzi.


Ƒukpowo kpɔe, eye dzidzi ƒo wo, anyigba ƒe mlɔenuwo dzo nyanyanya; woƒo ta kpli heva.


tete dzigbe gome tsi la mli kɔ ɖe kekeke Adam, du, si le Zaretan kasa la gbɔ, eye tsi, si sina yina ɖe tagbaƒu, si nye Dzeƒu me la, mie ƒiaƒiaƒia, eye dukɔ la ɖi go ɖe Yerixo kasa.


Eye nunɔla, siwo tsɔ Yehowa ƒe nubablaɖaka la, tɔ ɖe tsitre sesĩe le ƒuƒuiƒe le Yordan titina, vaseɖe esime dukɔ blibo la va Yordan godo.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite