Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Yosua 4:9 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

9 Ke Yosua tu kpe wuieve ɖe Yordan titina hã, ɖe afisi nunɔla, siwo tsɔ nubablaɖaka, ƒe afɔwo tsi tre ɖo, eye wotsi afima vaseɖe egbe.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

9 Yosua hã kɔ kpe wuieve tu ŋkuɖodzikpe bubu ɖe Yɔdan tɔsisi la titina, le teƒe si nunɔlawo tsi tsitre ɖo. Ŋkuɖodzikpe sia gali egbegbe.

Gade chapit la Kopi




Yosua 4:9
16 Referans Kwoze  

Eye Samuel kɔ kpea ɖe ɖo Mizpa kple Sen dome, eye wòna ŋkɔe be Eben-Ezer hegblɔ bena: Afi Yehowa kpe ɖe mía ŋu va se ɖo!


Kpoawo didi, ale be wokpɔa kpoawo nu le megbexɔ la nu tso kɔkɔeƒe la, ke womekpɔa wo tso gota o, eye wotsi afima vaseɖe egbe.


ke Beerottɔwo si yi Gitaim, eye wonye amedzrowo le afima vaseɖe egbe.


Eye wotsɔe wɔ se kple kɔnu na Israel tso gbemagbe dzi vaseɖe egbe.


Eye ŋutsu la yi ɖatso du ɖe Xititɔwo ƒe anyigba dzi, eye wòna ŋkɔe be Luz; ŋkɔ sia tsi eŋu vaseɖe egbe.


Eye Yosua ŋlɔ nya siawo ɖe Mawu ƒe segbalẽ la me, eye wotsɔ kpe gãa ɖe ɖi ɖe afima le logoti, si le Yehowa ƒe kɔkɔeƒea gbɔ la te.


Eye wòɖii ɖe bali la me le Moab-nyigba dzi le Bet-Peor kasa; ke amea ɖeke menya eɖiƒe vaseɖe egbe o.


Kpeawo nanɔ wuieve ɖe Israel-viwo ƒe ŋkɔwo nu, eye ŋkɔɖelawo nata to wuieveawo ƒe ŋkɔwo ɖe wo dzi.


Eye Yehowa gblɔ na Mose bena: Va gbɔnye le to la dzi, eye natsi anyi, ne matsɔ kpe, siwo dzi meŋlɔ ɖoɖoawo kple seawo ɖo, bena nafia wo la, na wo!


Ke esi Yakob fɔ ŋdi kanya la, etsɔ kpe, si wòziɔ la, ɖo dzesikpee, eye wòkɔ ami ɖe edzi.


Eye wòna ŋkɔe be Siba, eyata du la ƒe ŋkɔ nye Beer-Seba vaseɖe egbegbe.


Eye woxɔ klosalo la, eye wowɔ, abe alesi wòfiã mɔnu wo ene; eye nenem nya sia kaka ɖe Yudatɔwo dome vaseɖe egbegbe.


Eyaŋuti woyɔ abɔ ma be ʋubɔ vaseɖe egbegbe.


Eye Eliya tsɔ kpe wuieve le Yakob, amesi Yehowa gblɔ na be: ŋkɔwòe anye Israel la ƒe viwo ƒe to wuieveawo ƒe xexlẽme nu.


Eye nunɔla, siwo tsɔ aɖaka la, tɔ ɖe Yordan titina, vaseɖe esime wowɔ nusiwo katã Yehowa de se na Yosua be, wòagblɔ na dukɔ la vɔ, abe alesi Mose de se na Yosua ene; eye dukɔ la di go afɔ tsɔtsɔe ɖe tɔa godo.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite