Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Yosua 4:24 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

24 ne anyigba dzi dukɔwo katã nadze si Yehowa ƒe asi sesẽ la, eye miawo miavo Yehowa, mia Mawu la ɣesiaɣi.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

24 Ewɔ esia ale be, xexemedukɔwo katã nanya be Yehowae nye Mawu, Ŋusẽkatãtɔ la, ale be mí katã míavɔ̃e tegbee.”

Gade chapit la Kopi




Yosua 4:24
24 Referans Kwoze  

Ke exɔ na wo le eƒe ŋkɔ la ta, ne yeaɖe eƒe ŋusẽ afia.


Wòe wɔ anyiehe kple dziehe; Tabor kple Xermon le aseye tsom de wò ŋkɔ ŋu.


Kesinɔnu kple bubu tso gbɔwò, eye nèɖu fia ɖe nusianu dzi; gãnyenye kple ŋusẽ le asiwò me, eye gbɔwò wòtsona be, amea ɖe nazu gã, eye woakpe ŋusẽ.


Eyata Yehowa, mia Mawu, ɖe mi tso esi me dzro, ne anyigba dzi tiaɖuƒewo katã nadze sii bena, wò ɖeka koe nye Yehowa Mawu!


Vɔvɔ̃ kple ŋɔdzi lé wo, wò alɔ sesẽ na wodze ti zu abe kpe ene, vaseɖe esime wò dukɔ la to wo dome yi, Yehowa, vaseɖe esime wò dukɔ, si nèɖe la, to wo dome yi.


Eye Israel kpɔ ŋusẽ gã, si Yehowa ɖe fia ɖe Egiptetɔwo ŋuti la. Eye dukɔ la vɔ Yehowa, eye wòxɔ Yehowa kple eƒe dɔla Mose dzi se.


ne miavo Yehowa, mia Mawu la, eye mia kple viwòwo kple wò tɔgbuiyɔviwo miawɔ ɖoɖo kple se, siwo megblɔ na mi la dzi, le miaƒe agbe me ŋkekewo katã me, bena mianɔ agbe didie.


Mabla nu mavɔ kpli wo, ale be nyemadzudzɔ nyuiwɔwɔ na wo o. Made ŋunye vɔvɔ̃ woƒe dzi me, be womagate ɖa le ŋunye o.


Elabena ameka le dziŋgɔli me de Yehowa nu, eye ameka sɔ kple Yehowa le mawuwo ƒe viwo dome?


Tete eya kple eƒe ameha blibo la wogbugbɔ va Mawu ƒe ame la gbɔ, eye wòva egbɔ gblɔ bena: Kpɔ ɖa, azɔ medze sii bena, mawu ɖeke mele anyigba blibo la dzi o, negbe le Israel ko. Eyata xɔ nunanaa ɖe tso wò dɔla si!


Yehowa atsɔ wò ade asi nam egbea, eye mawu wò atso ta le nuwò, eye matsɔ Filistitɔwo ƒe aʋakɔ la ƒe kukuwo ana dziƒoxewo kple anyigba dzi lãwo egbe sia, ne anyigba blibo la nadze sii bena, Mawua de li na Israel;


Mose gblɔ na dukɔ la bena: Migavɔ̃ o, elabena Mawu ɖe wòva mia do ge akpɔ, bena vɔvɔ̃ nanɔ eŋu le mia dome, ne miagawɔ nuvɔ̃ o.


gake megblẽ wò ɖi vaseɖe fifi, bena maɖe nye ŋusẽ afia wò, eye woakafu nye ŋkɔ le anyigba blibo la katã dzi.


Eye anyigba dzi dukɔwo katã akpɔe bena, Yehowa ƒe ŋkɔ le ŋuwò, eye woayɔ wò.


bene anyigba dzi dukɔwo katã nadze sii bena, Yehowae nye Mawu, bubua ɖeke megali o.


ne woavɔ̃ wò ŋkeke, siwo katã wole agbe le anyigba, si nètsɔ na mia fofowo la dzi.


Ɖe abɔ le asiwò abe Mawu ene, eye nate ŋu aɖe gbe abe eya enea?


Yehowa klo nu le eƒe alɔ kɔkɔe la ŋu le dukɔwo katã ŋku me, eye anyigba ƒe mlɔenuwo katã akpɔ mía Mawu ƒe xɔname.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite