Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Yosua 4:13 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

13 Ŋutsu, siwo bia akpa dze Yehowa ŋgɔ heyina aʋa le Yerixo-tagba la, anɔ ame akpe blane.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

13 Aʋawɔlawo abe ŋutsu akpe blaene ene tso eme le Yehowa ŋkume yi gbedzi le Yeriko lɔƒo.

Gade chapit la Kopi




Yosua 4:13
11 Referans Kwoze  

Mido Mawu ƒe aʋawɔnu blibo la katã, bene míate ŋu ano te ɖe Abosam ƒe aɖaŋu vɔ̃wo nu;


Tete Kaldeatɔwo ƒe aʋakɔ yɔ fia la ɖe nu heva tu Zedekiya le Yerixo-tagba, eye eƒe aʋawɔlawo katã kaka le eŋu.


Ke Kaldeatɔwo ƒe aʋakɔ la li wo yome, eye wotu Zedekiya le Yerixo-tagba, eye wolée hekplɔe vɛ na Babel-fia Nebukadnezar le Ribla le Xamat-nyigba dzi, eye wobu fɔe le afima.


Ke Kaldeatɔwo ƒe aʋakɔ ti fia la yome va tui le Yerixo-tagba, eye eƒe aʋakɔ blibo la ka le eŋu.


Esi Israel-viwo ƒu asaɖa anyi ɖe Gilgal la, woɖu ŋutitotoŋkekenyuie la le ɣleti la ƒe ŋkeke wuienelia dzi le fiẽ le Yerixo-tagba,


Eyata Mawu kplɔ dukɔ la to gbedzimɔ heyi Avaƒu la nu; eye Israel-viwo bia akpa hafi ʋu tso Egipte.


ke mía ŋutɔwo míabla akpa anɔ Israel-viwo ŋgɔ, vaseɖe esime míakplɔ wo ava wo teƒee; gake mía viwo nanɔ du sesẽwo me le anyigbadzinɔlawo ta.


Ɣemaɣi meɖe se na mi bena: Yehowa, mia Mawu, tsɔ anyigba sia na mi, ne wòanye mia tɔ; mi kalẽtɔwo katã mibla akpa dze mia nɔvi Israel-viwo ŋgɔ;


Tete Ruben-viwo kple Gad-viwo kpakple Manase-viwo ƒe to afã bia akpa dze Israel-viwo ŋgɔ, abe alesi Mose gblɔ na wo ene.


Gbemagbe Yehowa do kɔkɔ Yosua le Israel blibo la ŋku me, eye wovɔ̃e le eƒe agbe me ŋkekewo katã me, abe alesi wovɔ̃ Mose ene.


Tete Israel-viwo katã ho, eye ameha la kpe ta abe ame ɖeka ene tso Dan vaseɖe Beerseba kple Gilead-nyigba dzi ɖe Yehowa gbɔ le Mizpa.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite