Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Yosua 4:11 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

11 Esi dukɔ la ɖi go vɔ la, Yehowa ƒe aɖaka la hã va tɔa godo, eye nunɔlawo dze dukɔ la ŋgɔ.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

11 Esi ameawo katã tso tɔsisi la la vɔ la, nunɔlawo kɔ nubablaɖaka la tso tɔʋu la me va wo gbɔ le godzi, eye wodze ŋgɔ na wo.

Gade chapit la Kopi




Yosua 4:11
7 Referans Kwoze  

De se na nunɔla, siwo le nubablaɖaka tsam la bena: Ne mieva ɖo Yordan-tɔa nu la, ekema mitɔ ɖe afima!


Esi nunɔla, siwo tsɔ Yehowa ƒe nubablaɖaka, ɖo go le Yordan me, eye nunɔlawo ƒe afɔƒome nya ka ƒuƒuiƒe ko la, tete Yordan me tsi la gagbugbɔ va enɔƒe, eye wògbagba ɖe eƒe gowo katã dzi abe tsã ene


Eye nunɔla, siwo tsɔ Yehowa ƒe nubablaɖaka la, tɔ ɖe tsitre sesĩe le ƒuƒuiƒe le Yordan titina, vaseɖe esime dukɔ blibo la va Yordan godo.


Eye nunɔla, siwo tsɔ aɖaka la, tɔ ɖe Yordan titina, vaseɖe esime wowɔ nusiwo katã Yehowa de se na Yosua be, wòagblɔ na dukɔ la vɔ, abe alesi Mose de se na Yosua ene; eye dukɔ la di go afɔ tsɔtsɔe ɖe tɔa godo.


Tete Ruben-viwo kple Gad-viwo kpakple Manase-viwo ƒe to afã bia akpa dze Israel-viwo ŋgɔ, abe alesi Mose gblɔ na wo ene.


Eyome mietso Yordan va Yerixo; tete Yerixotɔwo, Amoritɔwo, Perizitɔwo, Kanaanitɔwo, Xititɔwo, Girgasitɔwo, Xiwitɔwo kple Yebusitɔwo va wo aʋa kpli mi, eye metso wo ɖe asi na mi.


Elabena menye kplakplakpla dzi miano aʋu o, eye miasi adzo o; elabena Yehowa adze ŋgɔ na mi, eye Israel ƒe Mawu la axe megbe na mi.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite