Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Yosua 3:6 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

6 Eye Yosua gblɔ na nunɔlawo bena: Mikɔ nubablaɖaka la dze dukɔ la ŋgɔ! Tete wokɔ nubablaɖaka la dze dukɔ la ŋgɔ.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

6 Yosua gblɔ na nunɔlawo le ŋdi me be, “Mikɔ nubablaɖaka la, eye miakplɔ mí atso Yɔdan tɔsisi lae!” Ale wodze mɔ.

Gade chapit la Kopi




Yosua 3:6
11 Referans Kwoze  

Gligbãla aho adze wo ŋgɔ, woagbãe ato agbo nu age ɖe eme, eye woagado, woƒe fia adze wo ŋgɔ, eye Yehowa anɔ wo nu.


eye wode se na dukɔ la bena: Ne miekpɔ be, nunɔlawo, amesiwo nye Lewitɔwo, tsɔ Yehowa, mia Mawu ƒe nubablaɖakaa la, ekema miawo hã míaho le mia teƒewo adze eyome.


Nenye be, awu dukɔ sia abe ame ɖeka ene la, ekema dukɔ, siwo se nyaa le ŋuwò la, agblɔ be:


Eye woho tso Yehowa to la gbɔ hezɔ ŋkeke etɔ̃ ƒe mɔ, eye Yehowa ƒe nubablaɖaka la dze wo ŋgɔ ŋkeke etɔ̃, be woadi dzudzɔƒe na wo.


afisi Yesu yi ɖo le mía ta abe ŋgɔnɔla ene, amesi va zu nunɔlagã le Melxizedek ƒe ɖoɖo la nu yi ɖe mavɔmavɔ me.


Eye Yosua gblɔ na dukɔ la bena: Mikɔ mia dokui ŋu, elabena etsɔ la Yehowa le nukunu wɔ ge le mia dome.


Eye Yehowa gblɔ na Yosua bena: Madze gɔme egbe ade asi gãɖoɖo me wò le Israel blibo la ŋku me, ne wòadze sii be, alesi mena kple Mose la, nenema ke mana kpli wò hã.


Eye Israel-ame tsitsiwo katã kple nusiawo ɖatsɔ aɖaka la.


Israel-ame tsitsiwo katã va, eye Lewi-viwo kɔ aɖaka la,


Tete Yosua, Nun vi, yɔ nunɔlawo gblɔ na wo bena: Mitsɔ nubablaɖaka la, eye nunɔla adre natsɔ akɔfɛ adre adze Yehowa ƒe aɖaka la ŋgɔ.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite