Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Yosua 3:5 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

5 Eye Yosua gblɔ na dukɔ la bena: Mikɔ mia dokui ŋu, elabena etsɔ la Yehowa le nukunu wɔ ge le mia dome.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

5 Yosua gblɔ na ameawo be, “Mikɔ mia ɖokuiwo ŋuti, elabena etsɔ la, Yehowa le nukunu gã aɖe wɔ ge.”

Gade chapit la Kopi




Yosua 3:5
16 Referans Kwoze  

Tsi tre, nakɔ dukɔ la ŋu, eye gblɔ na wo bena: Mikɔ mia dokui ŋu hena etsɔ! Elabena ale Yehowa, Israel ƒe Mawu la, gblɔ esi: Israel, busu le mia dome, eyata miate ŋu anɔ te de miaƒe futɔwo nu akpɔ o, vaseɖe esime miaɖe busu la ɖa le mia dome hafi.


Eyata miwɔ mia ɖokui kɔkɔe, eye mianɔ kɔkɔe, elabena nyee nye Yehowa, mia Mawu!


Miƒo dukɔ la nu ƒu, eye mikɔ ameha la ŋu, miyɔ amegã ɖeɖiwo vɛ, eye miƒo ɖeviwo kple vi nonowo nu ƒu; ŋugbetɔsrɔ̃ neɖo tso eƒe xɔ me, eye ŋugbetɔ nedo tso ŋugbetɔxɔ me.


Eɖo ŋu bena: Ŋutifafae! Vɔ sa ge meva na Yehowa. Mikɔ mia ɖokui ŋu, ne miava vɔsa la gbɔ kplim! Eye wòkɔ Isai kple viawo ŋu hekpe wo va vɔsa la gbɔe.


Mewo ɖokuinye kɔkɔe ɖe wo ta, bena woawo hã woazu ame kɔkɔewo le nyateƒe la me.


Eye Mose gblɔ na Aron bena: Ke esia gblɔm Yehowa le enye sia bena: Maɖe ɖokuinye afia amesi te ɖe ŋunye la, abe kɔkɔetɔ ene, eye maɖe nye ŋutikɔkɔe afia le dukɔ blibo la ŋku me. Tete Aron zi kpi.


Elabena èlolo, eye nèwɔa nukunuwo; wò ɖeɖe koe nye Mawu.


Eye ne aglotuɣiawo trɔ va kpe la, Hiob dɔa ame da woɖakɔa wo ŋu. Efɔna ŋdi kanya, eye wòsa numevɔ ɖe wo katã ƒe xexlẽme nu; elabena Hiob gblɔ be: Misela vinyewo wɔ nuvɔ̃, eye wofe Mawu ɖe aga le woƒe dziwo me hĩ. Alea Hiob wona ɣesiaɣi.


Ne nunɔla, siwo tsɔ anyigba blibo la ƒe Aƒetɔ, Yehowa ƒe nubablaɖaka, ƒe afɔƒome ka Yordan me tsia me la, ekema Yordan me tsi la nu atso, eye dzigbe gome tsi la amii kɔ de afi ɖeka.


Esi aɖakatsɔlawo va Yordan nu, eye nunɔla, siwo tsɔ aɖaka la, ƒe afɔwo ka tsia me la, ke Yordan ɖɔ gbagba go le nuŋeɣi blibo la katã me —


Eye dukɔ la kaka heyi efɔ ge le afisiafi; wogbãnɛ le te dzi, alo wotonɛ le to me, eye woɖanɛ le ze me hetsɔna tɔa tatali; evivina abe aboŋgo ene.


Ke mina mia kplii dome nadidi abɔklugui akpe eve, eye migate de eŋu wu o, ne mianya mɔ, si to ge miala, elabena mieto mɔ sia dzi kpɔ o.


Eye Yosua gblɔ na nunɔlawo bena: Mikɔ nubablaɖaka la dze dukɔ la ŋgɔ! Tete wokɔ nubablaɖaka la dze dukɔ la ŋgɔ.


Wòe nye Mawu, amesi wɔ nukunuwo, èɖe wò ŋusẽ fia le dukɔwo dome.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite