Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Yosua 3:3 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

3 eye wode se na dukɔ la bena: Ne miekpɔ be, nunɔlawo, amesiwo nye Lewitɔwo, tsɔ Yehowa, mia Mawu ƒe nubablaɖakaa la, ekema miawo hã míaho le mia teƒewo adze eyome.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

3 eye woɖe gbeƒã na ameawo be, “Ne miekpɔ nunɔlawo, ame siwo nye Levitɔwo wokɔ Yehowa, miaƒe Mawu la ƒe nubablaɖaka la, ekema miho miadze wo yome.

Gade chapit la Kopi




Yosua 3:3
20 Referans Kwoze  

Eye Mose ŋlɔ se sia ƒe nyawo, eye wòtsɔe ɖe asi na nunɔlawo, siwo nye Lewi-viwo, amesiwo le Yehowa ƒe nubablaɖaka la tsɔm, kpakple Israel-ame tsitsiwo katã.


Eye wòva me, ne Yehowa ƒe aɖaka la tsɔlawo ɖe afɔ zi ade la, etsɔa nyitsu ɖeka kple nyivi dami ɖeka sa vɔe.


De se na nunɔla, siwo le nubablaɖaka tsam la bena: Ne mieva ɖo Yordan-tɔa nu la, ekema mitɔ ɖe afima!


Mose de se na Lewitɔwo, amesiwo nye Yehowa ƒe nubablaɖakatsɔlawo bena:


Eye woho tso Yehowa to la gbɔ hezɔ ŋkeke etɔ̃ ƒe mɔ, eye Yehowa ƒe nubablaɖaka la dze wo ŋgɔ ŋkeke etɔ̃, be woadi dzudzɔƒe na wo.


Nenem me siawo nye amesiwo meƒo ɖi wo ɖokui kple nyɔnuwo o; elabena ɖetugbiwo wonye. Amesiawo dzea Alẽvi la yome yia afisiafi, si wòyina. Amesiawo la woƒle wo tso amewo dome, be woanye ŋgɔgbetɔwo na Mawu kple alẽvi la.


Tete Yesu gblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo bena: Ne amea ɖe lɔ̃ bena, yeanɔ yonyeme la, negbe nu le eya ŋutɔ dokui gbɔ, ne woatsɔ eƒe atitsoga la, eye wòadze yonyeme.


Eye agbalẽfialaa ɖe va gblɔ nɛ bena: Nufiala, afisi ke nayi ɖo la, manɔ yowòme.


Woɖa Mawu ƒe aɖaka la ɖe tasiaɖam yeyea ɖe me, eye wotsɔe tso Abinadab ƒe aƒe, si le togbɛ dzi la me, eye Abinadab viwo Usa kple Axio kplɔ tasiaɖam yeye la.


Tete Yosua, Nun vi, yɔ nunɔlawo gblɔ na wo bena: Mitsɔ nubablaɖaka la, eye nunɔla adre natsɔ akɔfɛ adre adze Yehowa ƒe aɖaka la ŋgɔ.


Eye nunɔla, siwo tsɔ aɖaka la, tɔ ɖe Yordan titina, vaseɖe esime wowɔ nusiwo katã Yehowa de se na Yosua be, wòagblɔ na dukɔ la vɔ, abe alesi Mose de se na Yosua ene; eye dukɔ la di go afɔ tsɔtsɔe ɖe tɔa godo.


Eye Yosua gblɔ na nunɔlawo bena: Mikɔ nubablaɖaka la dze dukɔ la ŋgɔ! Tete wokɔ nubablaɖaka la dze dukɔ la ŋgɔ.


Ne Aron kple viaŋutsuwo bia nu ɖe nu kɔkɔeawo kple wo ŋu nuawo katã ŋu va, eye ameha la le hoho ge la, eya ko hafi Kehat viwo nava atsɔ wo, bena womagaka asi nu kɔkɔeawo ŋu ahaku o. Esiawo nye Mawu ƒe agbadɔ la ŋu nusiwo Kehat-viwo natsɔ.


Ke mina mia kplii dome nadidi abɔklugui akpe eve, eye migate de eŋu wu o, ne mianya mɔ, si to ge miala, elabena mieto mɔ sia dzi kpɔ o.


Eye Lewitɔwo kɔ Yehowa ƒe aɖaka la kple aɖakavi, si kpe ɖe eŋu, si me sikanuawo le, eye woda wo ɖe kpe gã la dzi. Eye Bet-Semestɔwo sa numevɔ kple akpedavɔ na Yehowa gbemagbe.


Eye Israel-ame tsitsiwo katã kple nusiawo ɖatsɔ aɖaka la.


eye amesi asa numevɔ, atɔ dzo nuɖuvɔ, eye wòasa akpedavɔ le ŋkunye me ɣesiaɣi la, mave le nunɔla, siwo nye Lewi-viwo dome gbeɖe o.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite