Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Yosua 3:14 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

14 Tete dukɔ la do tso woƒe agbadɔwo me, eye woho, be yewoatso Yordan, eye nunɔlawo tsɔ nubablaɖaka la dze dukɔa ŋgɔ.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

14 Ale esi ameawo do le asaɖa la me yina be woatso Yɔdan tɔsisia la, nunɔla siwo kɔ nubablaɖaka la dze ŋgɔ na wo.

Gade chapit la Kopi




Yosua 3:14
10 Referans Kwoze  

esi me sikadzudzɔmlekpui kple nubablaɖaka, si ŋu wofa sika ɖo kpe ɖo la le, eye eya me sikaze, si me mana le kple Aron ƒe atikplɔ, si ƒo se, kple nubabla ƒe nuŋlɔkpeawo le.


Yehowa be: Ava me be, ne miekeke ta, eye miedzi ɖe amũ gbã dzi le ŋkeke mawo me la, womagagblɔ azɔ be: „Yehowa ƒe nubablaɖaka“ o, magava ame ƒe ta me o, eye womagaɖo ŋui o, womagabia eta ase o, eye womagakpɔe o.


Yehowa, mía kple wò ŋusẽ ƒe aɖaka la mitso yi wò gbɔɖemeƒe la!


Tete Yosua, Nun vi, yɔ nunɔlawo gblɔ na wo bena: Mitsɔ nubablaɖaka la, eye nunɔla adre natsɔ akɔfɛ adre adze Yehowa ƒe aɖaka la ŋgɔ.


Eye Yosua gblɔ na nunɔlawo bena: Mikɔ nubablaɖaka la dze dukɔ la ŋgɔ! Tete wokɔ nubablaɖaka la dze dukɔ la ŋgɔ.


eye wode se na dukɔ la bena: Ne miekpɔ be, nunɔlawo, amesiwo nye Lewitɔwo, tsɔ Yehowa, mia Mawu ƒe nubablaɖakaa la, ekema miawo hã míaho le mia teƒewo adze eyome.


Mitsɔ segbalẽ sia ɖa ɖe Yehowa, mia Mawu, ƒe nubablaɖaka la xa, ne wòanye ɖase anɔ afima


Eyome mietso Yordan va Yerixo; tete Yerixotɔwo, Amoritɔwo, Perizitɔwo, Kanaanitɔwo, Xititɔwo, Girgasitɔwo, Xiwitɔwo kple Yebusitɔwo va wo aʋa kpli mi, eye metso wo ɖe asi na mi.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite