Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Yosua 24:7 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

7 Eye wodo ɣli yɔ Yehowa, tete wòde viviti mia kple Egiptetɔwo dome, eye wòna ƒu la ŋe gbagba ɖe wo dzi. Miekpɔ nusiwo mewo Egiptetɔwo la kple ŋku, eye mietsi gbedzi eteƒe didi.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

7 ale Israelviwo do ɣli yɔm, eye mena viviti do ɖe woawo kple Egiptetɔwo dome. Mena atsiaƒu la ŋe dze Egiptetɔwo dzi, eye wonyrɔ ɖe tsi la me, miawo ŋutɔ miekpɔ nu si mewɔ. Le esia megbe la, Israelviwo nɔ gbegbe la ƒe geɖe.

Gade chapit la Kopi




Yosua 24:7
14 Referans Kwoze  

Alo ɖe mawua ɖe te kpɔ be, yeava atsɔ ŋusẽ-nuwɔwɔwo kple dzesiwo, nukunuwo kple aʋawɔwɔ, asi sesẽ kple abɔ, si wodo ɖe dzi, kpakple nu klitsuwo aɖe dukɔ le dukɔwo dome na eɖokui, abe alesi Yehowa, mia Mawu, wɔ na mi le Egipte miekpɔ enea?


Eye wònɔ Egiptetɔwo ƒe aʋakɔ kple Israel ƒe aʋakɔ la dome, eye alilikpo la do viviti ɖe Egiptetɔwo, eye wòklẽ na Israel-viwo le zã la me, ale bena wo dometɔa ɖeke mete ɖe nɔvia ŋu zã blibo la katã o.


Esi Farao gogo wo, eye Israel-viwo fɔ ka dzi kpɔ Egiptetɔwo le wo megbe gbɔna la, wovɔ̃ ŋutɔ. Tete Israel-viwo do ɣli ya Yehowa,


Eye Israel kpɔ ŋusẽ gã, si Yehowa ɖe fia ɖe Egiptetɔwo ŋuti la. Eye dukɔ la vɔ Yehowa, eye wòxɔ Yehowa kple eƒe dɔla Mose dzi se.


Elabena ƒe blane sɔŋ Israel-viwo zɔ gbedzi, vaseɖe esime aʋawɔla, siwo le dukɔ blibo la dome la ku, elabena womeɖo to Yehowa ƒe gbe o, eye Yehowa ka atam na wo bena, womakpɔ anyigba, si ŋu Yehowa ka atam ɖo na wo fofowo be, yeatsɔ na mí, anyigba, si dzi notsi kple anyitsi bɔ ɖo la o.


eye miekpɔ nutsuwɔwɔ, dzesi kple nukunu gã mawo.


Ale wòle na mi be, míatsi Kades eteƒe nadidi.


Ke amekawo ƒe nue ku dzi ne ƒe blane sɔŋ mahã? Alo menye amesiwo wɔ nuvɔ̃, amesiwo ƒe ƒu kotsoewo tsi gbedzi lae o ɖe?


Ɣeyiɣi, siwo katã miezɔ ma tso Kades-Barnea, vaseɖe esime míetso Sered-toʋua, le ƒe blaetɔ̃ vɔ enyi, vaseɖe esime aʋawɔlawo katã ku vo le asaɖa la me, abe alesi Yehowa ka atam na wo ene.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite