Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Yosua 24:33 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

33 Eye Eleazar, Aron vi, hã ku, eye woɖii ɖe Gibea, si wotsɔ na via Pinehas ɖe Efrayim-to dzi la.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

33 Eleazar, Aron ƒe vi hã ku, eye woɖii ɖe Efraim ƒe tonyigba dzi le Gibea, du si wotsɔ na via Finehas la me.

Gade chapit la Kopi




Yosua 24:33
22 Referans Kwoze  

Eye Israel-viwo ɖɔ Pinehas, si nye nunɔla Eleazar vi, ɖo ɖe Ruben-viwo, Gad-viwo kple Manase-to afã la gbɔ le Gilead-nyigba dzi,


Eye Eleazar, Aron vi ɖe Putiel vinyɔnuwo dometɔ ɖeka, amesi dzi Pinexas nɛ. Ame siawo nye Lewi viwo ƒe aƒehánuawo le woƒe ƒome la nu.


ke eya la, esi wònɔ anyi yi ɖe mavɔmavɔ me ŋuti la, nunɔlanyenye, si meɖɔlina o la, le esi.


Elabena Dawid, esi wòsubɔ Mawu ƒe tameɖoɖo le ye ŋutɔ ŋɔli la, edɔ alɔ̃; eye wotsɔe mlɔ fofoawo gbɔ, eye wòkpɔ nyunyɔ;


Afika mia fofowo le azɔ, eye ɖe nyagblɔɖila-wo ami agbe tegbetegbea?


be wòanɔ agbe ayi dzi, eye makpɔ yɔdo o.


Elabena menyae be, àkplɔm ade asi na ku, eye mayi xɔ, si me agbãgbeawo katã ƒoa ta kpli do la me.


eye Aron vi Eleazar ƒe vi Pinexas subɔ le eŋku me ɣemaɣi. — Ɖe míagaho aʋa ɖe mia nɔvi Benyamin-viwo ŋu loo, alo míatasia? Tete Yehowa gblɔ bena: Miyi, elabena matsɔ wo aɖe asi na mi etsɔ!


Esia nye anyigba, si nunɔla Eleazar kple Yosua, Nun vi, kpakple Israel-viwo ƒe toawo ƒe amegãwo ma na Israel-viwo le Kanaan-nyigba dzi.


Lewitɔwo ƒe amegã ƒe tatɔ enye Eleazar, nunɔla Aron ƒe vi, eƒe dɔe nye be, wòakpɔ amesiwo le dɔ wɔm le nu kɔkɔeawo ŋu la dzi.


Eye Aron ɖe Eliseba, Aminadab vinyɔnu, amesi nye Naxason nɔvinyɔnu, eye wòdzi Nadab, Abihu, Eleazar kple Itamar nɛ.


Eye woʋu tso Betlexem-Yuda-du la me, be wòaɖanɔ afisi wòkpɔ; eye wòva Efrayim-to la dzi heyi ɖe Mixa ƒe me, be wòagayi eƒe azɔli dzi emegbe.


Ŋutsua ɖe tso Ramatayim-Zofim le Efrayim-to la dzi, eŋkɔ nye Elkana, amesi nye Yeroxam vi, amesi nye Elihu vi, amesi nye Toxu vi, amesi nye Zuf vi, eye wònye Efrayimtɔ.


Eye wotsa le Efrayim-to kple Salisa-nyigba dzi womekpɔ wo o; wotsa le Saalim-nyigba dzi, ke womelé afima o, eye wotsa le Benyamin-nyigba dzi, gake womekpɔ wo o.


Nya la mele alea o, ke boŋ ŋutsua ɖe, si tso Efrayim-to la dzi, amesi ŋkɔ nye Seba, Bixri vi lae, do eƒe asi ɖe dzi ɖe fia Dawid ŋu. Ne mieɖe eya ɖeɖe na la, ekema madzo le dua ŋu. Eye nyɔnu la gblɔ na Yoab bena: Kpɔ ɖa, woatsɔ eƒe ta aƒu gbe ato glia dzi aɖo de wò.


Woƒe ŋkɔwo nye, Ben-Xur le Efrayim-to la nu;


Eɖo ŋu bena: Wodɔ! Nye aƒetɔe ɖom ɖa be, magblɔ be: Kpɔ ɖa, fifi laa ɖekakpui eve tso Efrayim-to dzi le nyagblɔɖilawo ƒe nusrɔ̃viwo dome va dze gbɔnye; taflatse, tso klosalo talento ɖeka kple atsyɔ̃ɖowu eve na wo.


Woho tso afima heyi Efrayim-to la dzi, eye wova Mixa ƒe aƒe gbɔ.


amesi nye Abisua vi, amesi nye Pinexas vi, amesi nye Eleazar vi, amesi nye nunɔlawo ƒe tatɔ, Aron vi la.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite