Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Yosua 24:31 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

31 Eye Israel subɔ Yehowa, ŋkeke alesi Yosua nɔ agbe kple ŋkeke alesi ame tsitsi, siwo nɔ agbe le Yosua megbe eteƒe didi, eye wokpɔ nusiwo katã Yehowa wɔ na Israel teƒe la, le agbe.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

31 Israel subɔ Yehowa le Yosua kple ametsitsi bubu siwo kpɔ nu wɔnuku siwo Yehowa wɔ na Israel teƒe la le woƒe agbenɔɣiwo.

Gade chapit la Kopi




Yosua 24:31
13 Referans Kwoze  

Eye dukɔ la subɔ Yehowa, ŋkeke alesi Yosua nɔ agbe kple ŋkeke alesi ame tsitsi, siwo nɔ agbe le Yosua megbe, amesiwo kpɔ nu gã, siwo katã Yehowa wɔ na Israel teƒe la, le agbe.


Eye wo vi, siwo mele naneke nyam haɖe o la, nasee, ne wòanya, alesi woavɔ̃ Yehowa, mia Mawu la, ŋkeke alesi miele agbe le anyigba, si dzi mietsɔ Yordan le yiyim, be míaxɔe wòanye mia tɔ la dzi.


Elabena menyae bena, miele gbegblẽ ge ɖe dzi le nye ku megbe, eye miate ɖa le mɔ, si metia mi la dzi, eye dzɔgbevɔ̃e ava mia dzi emegbe, le esi miewɔ vɔ̃ ɖe Yehowa ŋu, eye mietsɔ miaƒe asiwo wɔ nu hedo dziku nɛ ta.


Eye midze si Yehowa, mia Mawu, ƒe amehehe kple eƒe gãnyenye, eƒe asi sesẽ kple eƒe abɔ, si wòɖo ɖe dzi egbe — menye mia vi, siwo menyae o, eye womekpɔ eteƒe o lae mele egblɔm na o —


Eyaŋuti, nye lɔlɔ̃tɔwo, abe alesi mieɖoa to ɖaasi ene la, mitsɔ vɔvɔ̃ kple dzodzo nyanyanya wo mia ŋutɔwo miaƒe xɔxɔdɔ la; menye abe esime menɔ mia gbɔ ene la ɖeɖeko o, ke boŋ azɔ, esi nyemele mia gbɔ o la, miwɔe geɖe wu!


Menya bena, le nye dzodzo megbe la amegãxi nyanyrawo laɖo mia dome, amesiwo makpɔ alẽha la ta o;


Eye Yoas wɔ nusi dze Yehowa ŋu le nunɔla Yoyada ƒe agbenɔɣi katã.


Elabena mia ŋutɔwo miekpɔ nu gã, siwo Yehowa wo la, kple ŋku.


Ke aŋɔʋe geɖewo le Sidim-gbadzaƒe la. Esi Sodom-kple Gomora-fia wòsi la, woge ɖe wo me; ke ame mamleawo si yi to dzi.


Esi Yosua ɖe asi le dukɔa ŋu la, Israel-viwo dome amesiame yi eƒe anyigba dzi, ne wòaxɔe wòanye etɔ.


Esi dzidzime mawo katã yi wo tɔgbuiwo gbɔ vɔ la, dzidzime bubu va dzɔ le wo megbe, amesiwo medze si Yehowa o, eye womenya naneke le nusiwo katã wòwɔ na Israel la ŋu o.


Yosiya ɖe, ŋunyɔnuwo katã le Israel-nyigba-wo katã dzi, eye wozi amesiwo katã le Israel la dzɔ be, woasubɔ Yehowa, woƒe Mawu la. Eye womete ɖa le Yehowa, wo fofowo ƒe Mawu la ŋu le eƒe agbenɔɣi katã o.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite