Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Yosua 24:20 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

20 Ne miegblẽ Yehowa ɖi, eye miesubɔ mawu bubuwo la, ekema ahe vɔ̃ ava mia dzi, eye woatsrɔ̃ mi ɖa, evɔ wònye ewɔ nyuie na mi va yi hafi.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

20 Ne miegblẽ Yehowa ɖi, eye miesubɔ mawu bubuwo la, atso ɖe mia ŋu, eye wòatsrɔ̃ mi togbɔ be ekpɔ mia dzi ɣeyiɣi didi sia hã.”

Gade chapit la Kopi




Yosua 24:20
19 Referans Kwoze  

Ke Mawu trɔ ɖe wo, eye wòtso wo na dziƒoha ƒe subɔsubɔ, abe alesi woŋlɔ ɖe nyagblɔɖilawo ƒe agbalẽ me ene bena: „Israel-ƒeme, alo nyee mietsɔ lã wuwuwo kple numemewo vɛ na le ƒe blanea me le gbedzia?


Eye ne ame dzɔdzɔe ɖe asi le eƒe dzɔdzɔenyenye ŋu hewɔa nu gbegblẽ, eye wòwɔa ŋunyɔnu, siwo katã ame vɔ̃ɖi wɔna la, ɖe wòanɔ agbea? Womagaɖo ŋu nu dzɔdzɔe, siwo katã wòwɔ la o, le eƒe go, si wòdze, kple eƒe nuvɔ̃, siwo wòwɔ la ta; woawo ta wòaku ɖo.


Wò Yehowa, Israel ƒe nukpɔkpɔ, amesiwo katã gblẽ wò ɖi la ŋu akpe wo! Woaŋlɔ amesiwo ɖe megbe le ŋuwò la ƒe ŋkɔ ɖe kewɔ me; elabena wogblẽ Yehowa, tsi gbagbe vudo la ɖi!


Eye wò, vinye Salomo, dze si fofowò ƒe Mawu la, eye nasubɔe kple dzi blibo kpakple luʋɔ blibo, elabena Yehowa dzroa dziwo katã me kpɔna, eye wonya tamesusuwo katã! Ne èdii la, ana be, nakpɔe; ke ne ègblẽe ɖi la, atsɔ wò aƒu gbe tegbee.


Ke woawo dze aglã ɖe eŋu, eye wodo dziku na eƒe gbɔgbɔ kɔkɔe la, tete wòtrɔ zu futɔ na wo, eye eya ŋutɔ wɔ avu kpli wo.


Woagbã godzelawo kple nuvɔ̃wɔlawo siaa nyanyanya, eye amesiwo trɔ le Yehowa yome la nu ayi.


Elabena ŋu le kpeyem be, mabia aʋakɔ kple sɔdolawo le fia si, ne woaxɔ na mí tso futɔvvo si me le mɔta, elabena míegblɔ na fia la bena: Mía Mawu ƒe asi le amesiwo katã dinɛ la dzi hena woƒe nyonyo, ke eƒe ŋusẽ kple dziku le amesiwo katã gblẽnɛ di la dzi.


eye wòyi ɖakpe Asa gblɔ nɛ bena: Asa kple Yuda blibo la kpakple Benyamin, miɖo tom! Yehowa nɔ kpli mi, elabena miena eŋu. Ne mieɖii la, ana be, míakpɔe; ke ne miegblẽe ɖi la, eya hã agblẽ mi ɖi.


ke ame dzɔdzɔe la anɔ agbe atso xɔse me, eye ne egbugbɔ ɖe megbe la, luʋɔnye makpɔ ŋudzedze nyui le eŋuti o.“


Ne miedzi viwo kple tɔgbuiyɔviwo, eye anyigba ma ɖo na mi, eye miewɔ vɔ̃ hewɔ legba alo nua ɖe ƒe nɔnɔme, eye miewɔ nusi medze Yehowa, mia Mawu, ŋu o hedo dɔmedzoe ne la,


ekema meta dziƒo kple anyigba na mi egbea bena, miaku le anyigba, si dzi mietso Yordan yi, be míaxɔe wòanye mia tɔ la dzi avɔ amloamlo; mianɔ agbe le edzi eteƒe nadidi o; boŋ miatsrɔ̃ avɔ kokoko.


Tete dukɔ la ɖo ŋu na Yosua bena: Gbeɖe, Yehowa ko miasubɔ!


Ke ne mieɖo to Yehowa ƒe gbe o, eye miesẽ to ɖe Yehowa ƒe se ŋu la, ekema Yehowa ƒe asi ava mia dzi, abe alesi wòva mia fofowo dzi ene.


Ke ne miewɔ nu vlo la, ekema atsrɔ̃ mia kple miaƒe fia siaa ɖa.


Eyata mele nu xlɔ̃m mi le Israel blibo la kple Yehowa ƒe ha la ŋku me kpakple ɖe mía Mawu ƒe to me be: Milé Yehowa, mia Mawu ƒe seawo katã me ɖe asi, eye midi eyome, ne miaxɔ anyigba nyui la, eye mia megbeviwo natsɔe anyi dome tegbee.


Ne viawo gblẽ nye nufiame ɖi, eye womezɔ de nye kɔnuwo nu o,


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite