Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Yosua 24:2 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

2 Eye Yosua gblɔ na dukɔ blibo la bena: Ale Yehowa, Israel ƒe Mawu la, gblɔ esi: Tsãtsãtsã la mia fofowo nɔ tɔsisi la ƒe go keme dzi, Tarax, Abraham kple Naxor fofo, eye wosubɔ mawu bubuwo.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

2 Yosua gblɔ na wo be, “Yehowa, Israel ƒe Mawu la be, ‘Mia tɔgbuiwo, Tera, Abraham kple Nahor fofo wonɔ Frat tɔsisi la ƒe ɣedzeƒe, eye wosubɔ mawu bubuwo.

Gade chapit la Kopi




Yosua 24:2
16 Referans Kwoze  

Ke ne Yehowa subɔsubɔ medze mia ŋu o la, ekema mitia, amesi subɔ ge míala, egbea: eɖanye mawu, siwo mia fofowo subɔ le tɔsisi la godo, alo Amoritɔ, siwo ƒe anyigba dzi miele la, ƒe mawuwo o. Ke mía kple nye aƒe ya miasubɔ Yehowa!


Ke esi nèdzo, elabena aƒe le dzrowòm vevie la, nukaŋuti nefi nye mawuwo?


Eye gblɔ bena: Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ na Yerusalem enye si: Wò dzɔƒe kple dziwòƒe enye Kanaan-nyigba; Amoritɔe nye fofowò, eye Xititɔe nye dawo.


Miɖe ŋku ɖe mia fofo Abraham kple Sara, si dzi mi; elabena eya ɖeka meyɔ, eye meyrae wòdzi ɖe dzi.


Eye nagblɔ le Yehowa, wò Mawu ŋku me bena: Fofonye enye Aramtɔa ɖe, si de tsɔtsrɔ ge, eye wòʋu va Egipte; ame ʋeea ɖewo ko wonye henye amedzrowo le afima, ke wodzi ɖe dzi, eye wotrɔ zu dukɔ gã sẽŋua ɖe.


Tete wotsɔ dzromawu, siwo katã le wo si, kple woƒe togɛwo na Yakob, eye Yakob ɖi wo ɖe ati gã, si le Sixem gbɔ la te.


Abraham ƒe Mawu, Naxor ƒe Mawu kple wo tɔgbuiwo ƒe Mawu la anye ʋɔnudrɔ̃la le mía kpli wò dome. Eye Yakob tsɔ amesi fofoa Isak vɔ̃na la, ka atam.


Amesi ke gbɔ nakpɔ wò mawuawo le la, magano agbe o! Le mía nɔviawo katã ƒe ŋku me ka nye nuwo me, eye natsɔe! Ke Yakob menyae bena. Raxel ye fii o.


Ke esi Laban yi fu sẽ ge na lãwo la, Raxel fi fofoa ƒe aklama kpakpɛwo.


Eye esi Tarax xɔ ƒe blaadre la, edzi Abram, Naxor kple Haran.


amesi nye Yakob vi, amesi nye Isak vi, amesi nye Abraham vi, amesi nye Tara vi, amesi nye Nahor vi,


Esi Naxor xɔ ƒe blave vo asieke la, edzi Tarax.


Tarax ƒe dzidzimeviwo ŋutinya enye si: Tarax dzi Abram. Naxor kple Haran; eye Haran dzi Lot.


Esi Serug xɔ ƒe blaetɔ̃ la, edzi Naxor.


Abram, eya nye Abraham.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite