Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Yosua 23:9 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

9 Yehowa nyã dukɔ gã kple dukɔ sesẽwo ɖa le nua ŋgɔ, ke miawo la amea ɖeke mete ŋu nɔ te ɖe mia nu vaseɖe fifi o.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

9 Yehowa nya dukɔ triakɔwo ɖa le mia ŋgɔ, eye dukɔ aɖeke mete ŋu ɖu mia dzi o.

Gade chapit la Kopi




Yosua 23:9
14 Referans Kwoze  

Amea ɖeke manɔ te ɖe nuwò le wò agbe me ŋkekewo katã me o; alesi menɔ kple Mose la, nenema manɔ kple wò hã; nyemaɖe asi le ŋuwò o, eye nyemagblẽ wò ɖi o.


ekema Yehowa anyã dukɔ siawo katã ɖa le mia ŋgɔ, eye miaxɔ dukɔ, siwo lolo, eye wosesẽ wu mi la, ƒe anyigba.


Yehowa, mia Mawu la, ŋutɔ ate wo ɖa le mia ŋgɔ, eye wòanya wo da le mia ŋgɔ, be miaxɔ woƒe anyigba, abe alesi Yehowa, mia Mawu la, do ŋugbe na mi ene.


Manɔ wo nyãm le mia ŋu ʋeʋeʋe, vaseɖe esime míadzi ɖe dzi eye anyigba la natu mia nu.


Eye Kaleb nyã Enakitɔ etɔ̃ Sesai, Aximan kple Talmai, amesiwo Enak ŋutɔ dzi la ɖa tso afima.


atsɔ woƒe fiawo aɖe asi na wò, eye natsrɔ̃ woƒe ŋkɔ ɖa le dziƒoa te. Wo dometɔa ɖeke manɔ te ɖe nuwo o, vaseɖe esime natsrɔ̃ wo avɔ.


Agbadɔ sia hã ɖo mia fofowo si me, eye woawo kple Yosua wotsɔe va dukɔ, siwo Mawu tu asii ɖa tso mia fofowo ƒe ŋku me la ƒe anyigba dzi vaseɖe Dawid ƒe ŋkekeawo dzi,


Ne nye ɖɔla dze ŋgɔwò, eye wòkplɔ wò va Amoritɔwo, Xititɔwo, Perizitɔwo, Kanaanitɔwo, Xiwitɔwo kple Yebusitɔwo gbɔ, eye metsrɔ̃ wo la,


ke boŋ nuku ɖe Yehowa, mia Mawu la ŋu, abe alesi miewɔ vaseɖe egbe ene.


Yehowa nyã dukɔwo katã kple Amoritɔ, siwo nɔ anyigba dzi la, ɖa le mía ŋgɔ. Miawo hã miasubɔ Yehowa, elabena eyae nye mía Mawu!


Eye wòwɔ ŋunyɔnu geɖe hesubɔ legbawo abe Amoritɔ, siwo Yehowa nyã le Israel-viwo ŋgɔ la, pɛpɛpɛ ene.


Ɖe menye wò, mía Mawue, nyã anyigba sia dzi nɔlawo ɖa le wò dukɔ Israel ŋgɔ, eye nètsɔe na xɔ̃wò Abraham ƒe dzidzimeviwo tegbee oa?


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite