Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Yosua 23:6 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

6 Eyata milé dzi ɖe ƒo vevie, ne mialé nusiwo katã woŋlɔ ɖe Mose ƒe segbalẽa me la me ɖe asi, eye miawɔ wo dzi, eye migadze ɖe ɖusi alo mia me o.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

6 “Ke miwɔ se siwo katã woŋlɔ ɖe Mose ƒe Segbalẽ la me la dzi pɛpɛpɛ. Migade axa na seawo dzi wɔwɔ le mɔ suetɔ kekeake gɔ̃ hã nu o.

Gade chapit la Kopi




Yosua 23:6
14 Referans Kwoze  

medze le nya, siwo katã megblɔ na wò egbe la ŋu ɖe ɖusi alo mia me o, eye medze mawu bubuwo yome hesubɔ wo o.


Le aʋawɔwɔ kple nuvɔ̃ me la miekpɔ tsitre sesĩe yiɖase ɖe ʋu me haɖe o;


ne megado eɖokui ɖe dzi ɖe nɔviawo ŋu, eye wòadze le se la ŋu ɖe ɖusi alo mia me o, ne eya kple viaŋutsuwo nanɔ zi la dzi eteƒe nadidi le Israel dome.


Ke vɔvɔ̃nɔtɔwo kple dzimaxɔsetɔwo kple fewɔlawo kple hlɔ̃dolawo kple matrewɔlawo kple afakalawo kple trɔ̃subɔlawo kple aʋatsokalawo katã la woakpɔ wo tɔ gome le ta, si le bibim kple dzo kpakple dzokpe la me Esia enye ku evelia.


Minɔ ŋudzɔ, minɔ tsitre le xɔse me, miwo ŋutsu, eye mise ŋu!


Amesiame nekpɔ eɖokui dzi nyuie le ehavi ŋu, eye megaɖo ŋu ɖe nɔvia ɖeke ŋu o; elabena nɔvi sia nɔvi enye ayetɔ, eye xɔlɔ̃ sia xɔlɔ̃ enye ame gɔmezɔla.


Nyemetsɔ nu tovo aɖo ŋku me o, melé fu dzidanuwɔwɔ, malé ɖe ŋunye o.


Nyemete ɖa le wò ɖoɖowo ŋu o, elabena wòe fia num.


Lé ŋku ɖe Yehowa, wò Mawu, ƒe nudidiwo ŋu, eye nazɔ eƒe mɔwo dzi, ne nalé eƒe ɖoɖowo, sewo, kɔnuwo kple ɖaseɖiɖiwo me ɖe asi, abe alesi woŋlɔe ɖe Mose ƒe se la me ene, ne nusiwo katã nawɔ kple afisiafi, si nayi la, nadze edzi na wò;


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite